< Samuel 1 31 >

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.
Filistarane gjekk på i striden mot Israel. Israels-mennerne rømde undan for filistarane, og det låg mange falne på Gilboafjellet.
2 Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua.
Filistarane sette etter Saul og sønerne hans. Og filistarane felte Jonatan, Abinadab og Malkisua, Sauls-sønerne.
3 Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.
Saul sjølv kom upp i ein hard strid. Og nokre bogeskyttarar råka innpå honom. Saul vreid seg i rædsla for skyttarane.
4 Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.
Og han baud våpnsveinen sin: «Drag sverdet ditt, og støyt det gjenom meg, so ikkje desse u-umskorne skal koma og drepa meg, og skamfara meg!» Men våpnsveinen vilde ikkje; han var altfor rædd. Då tok Saul sverdet sjølv og stupte seg på det.
5 Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii.
Då våpnsveinen såg Saul var dåen, stupte han seg ogso på sitt sverd og fylgde honom i dauden.
6 Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi.
Den dagen fall dei alle i hop, Saul og dei tri sønerne hans og våpnsveinen, og sameleis alle mennerne hans.
7 Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.
Og då Israels-mennerne på hi sida dalen og på hi sida Jordan gådde at Israels-mennerne hadde rømt, og at Saul og sønerne hans var falne, so rømde dei ut or byarne sine; og filistarane kom og busette seg der.
8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.
Dagen etter kom filistarane og plundra liki. Dei fann Saul og dei tri sønerne hans liggjande på Gilboafjellet.
9 Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.
Dei hogg hovudet av honom, og rana våpni hans og sende rundt i Filistarlandet, og let forkynna fagnadbodet i templi åt avgudarne sine og millom folket.
10 Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean.
Dei lagde våpni hans i Astarte-templet; og liket hans hengde dei upp på bymuren i Bet-San.
11 Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la,
Då folket i Jabes i Gilead høyrde gjete det filistarane hadde gjort med Saul,
12 aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo.
tok dei i veg, alle våpnføre karar, gjekk heile natti, tok ned frå muren i Bet-San Sauls lik og liki av sønerne hans, for so til Jabes og brende liki der.
13 Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.
So tok dei og grov beini deira ned under tamariska i Jabes og heldt fasta i sju dagar.

< Samuel 1 31 >