< Samuel 1 30 >

1 Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ
And it came to pass when David and his men came to Ziklag on the third day, that the 'Amalekites had invaded the south, and Ziklag, and smitten Ziklag, and burnt it with fire;
2 eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe.
And had taken captive the women that were therein, both great and small: they had not slain any one, but had led them off, and gone on their way.
3 Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la,
When therefore David and his men came to the city, behold, it was burnt with fire; and their wives, and their sons, and their daughters, had been taken captive.
4 wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo.
And David and the people that were with him lifted up their voice and wept, until they had no more power to weep.
5 David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome.
And the two wives of David were also taken captive, Achino'am the Yizre'elitess, and Abigayil the wife of Nabal the Carmelite.
6 Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.
And David was greatly distressed; for the people spoke of stoning him, because the soul of all the people was imbittered, every man for his sons and for his daughters; but David fortified himself in the Lord his God.
7 David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi.
And David said to Ebyathar the priest, the son of Achimelech, Bring hither, I pray thee, unto me the ephod. And Ebyathar brought the ephod near unto David.
8 David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”
And David asked counsel of the Lord, saying, Shall I pursue after this troop! shall I overtake them? And he said to him, Pursue; for thou wilt surely overtake them, and certainly recover [all].
9 David kple eƒe ame alafa adeawo va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi
So David went, he and the six hundred men that were with him, and came up to the brook Bessor, where those that were left behind stayed.
10 elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi.
But David pursued on, he and four hundred men; and there stayed behind two hundred men, who were too fatigued to go over the brook Bessor.
11 Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno.
And they found an Egyptian man in the field, and took him to David, and gave him bread, and he did eat; and they made him drink water;
12 Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o.
And they gave him a piece of a cake of figs, and two clusters of raisins, and he ate, and then his spirit returned to him; for he had not eaten any bread, nor drunk any water, three days and three nights.
13 David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ.
And David said unto him, To whom belongest thou? and whence art thou? And he said, I am a young Egyptian man, the servant to an 'Amalekite; and my master left me behind, because I fell sick, today three days ago.
14 Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.”
We made an invasion upon the south of the Kerethites, and upon that which belongeth to Judah, and upon the south of Caleb; and Ziklag did we burn with fire.
15 David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.”
And David said to him, Wilt thou bring me down to this troop? And he said, Swear unto me by God, that thou wilt not kill me, and that thou wilt not surrender me into the hand of my master, and then will I bring thee down to this troop.
16 Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta.
And he brought him down; and behold, they were scattered over the face of all the country, eating and drinking, and dancing for joy, because of all the great spoil which they had taken out of the land of the Philistines, and out of the land of Judah.
17 David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si.
And David smote them from the twilight even unto the evening of the next day; and there escaped not a man of them, save four hundred young men, who rode upon camels, and fled.
18 David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã.
And David recovered all that the 'Amalekites had taken away; and his two wives also did David rescue.
19 Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe.
And there was nothing missing to them, from small to great, as also sons and daughters, and spoil, down to every thing that they had taken from them: the whole did David bring back.
20 David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.”
And David took all the flocks and the herds: these they drove before those other cattle, and said, This is David's spoil.
21 Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe.
And David came to the two hundred men, who had been too fatigued to follow after David, and whom they had left to remain at the brook Bessor: and they went forth to meet David, and to meet the people that were with him; and David came near to the people, and asked them after their well-being.
22 Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.”
Then exclaimed every wicked and worthless man, of those that had gone with David, and said, Because they went not with us, we will not give them aught of the spoil that we have recovered, save to every man his wife and his children, and these they may lead away, and go.
23 Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi.
Then said David, Ye must not do so, my brethren; since the Lord hath given us this, and guarded us, and delivered the troop that came against us into our hand.
24 Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.”
And who will hearken unto you in this matter? but as is the part of him that went down to the battle, so shall be the part of him that remained with the baggage: together must they share.
25 Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe.
And it happened from that day and forward, that he made it a statute and an ordinance for Israel until this day.
26 Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”
And when David came to Ziklag, he sent of the spoil unto the elders of Judah, to his friends, saying, Behold, here is a present for you from the spoil of the enemies of the Lord:
27 Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir,
To those who were in Beth-el, and to those who were in south Ramoth, and to those who were in Yattir,
28 Aroer, Sifmɔt, Estemoa,
And to those who were in 'Aro'er, and to those who were in Siphmoth, and to those who were in Eshtemoa',
29 Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo,
And to those who were in Rachal, and to those who were in the cities of Yerach-meelites, and to those who were in the cities of the Kenites,
30 Horma, Bor Asan, Atak,
And to those who were in Chormah, and to those who were in Kor-'ashan, and to those who were in 'Athach,
31 kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de.
And to those who were in Hebron, and to all the places where David himself and his men had wandered about.

< Samuel 1 30 >