< Samuel 1 29 >
1 Azɔ la, Filistitɔwo ƒe aʋakɔ kpe ta ɖe Afek eye Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe vudoawo gbɔ le Yezreel.
非利士人將他們的軍旅聚到亞弗;以色列人在耶斯列的泉旁安營。
2 Esime Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo nɔ woƒe aʋalɔgowo kplɔm va yina la, David kple eƒe amewo nɔ wo megbe kple Fia Akis.
非利士人的首領各率軍隊,或百或千,挨次前進;大衛和跟隨他的人同着亞吉跟在後邊。
3 Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.”
非利士人的首領說:「這些希伯來人在這裏做甚麼呢?」亞吉對他們說:「這不是以色列王掃羅的臣子大衛嗎?他在我這裏有些年日了。自從他投降我直到今日,我未曾見他有過錯。」
4 Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea?
非利士人的首領向亞吉發怒,對他說:「你要叫這人回你所安置他的地方,不可叫他同我們出戰,恐怕他在陣上反為我們的敵人。他用甚麼與他主人復和呢?豈不是用我們這些人的首級嗎?
5 Ame sia ŋue nyɔnuwo dzi ha le, le woƒe ɣeɖuɖuwo me be, “Saul wu akpe eye David wu akpewo!”
從前以色列的婦女跳舞唱和說:『掃羅殺死千千,大衛殺死萬萬』,所說的不是這個大衛嗎?」
6 Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o.
亞吉叫大衛來,對他說:「我指着永生的耶和華起誓,你是正直人。你隨我在軍中出入,我看你甚好。自從你投奔我到如今,我未曾見你有甚麼過失;只是眾首領不喜悅你。
7 Meɖe kuku, migawɔ nu si ado dɔmedzoe na wo o, ke boŋ mitrɔ dzo kpoo!”
現在你可以平平安安地回去,免得非利士人的首領不歡喜你。」
8 David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?”
大衛對亞吉說:「我做了甚麼呢?自從僕人到你面前,直到今日,你查出我有甚麼過錯,使我不去攻擊主-我王的仇敵呢?」
9 Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me.
亞吉說:「我知道你在我眼前是好人,如同上帝的使者一般;只是非利士人的首領說:『這人不可同我們出戰。』
10 Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.”
故此你和跟隨你的人,就是你本主的僕人,要明日早晨起來,等到天亮回去吧!」
11 Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel.
於是大衛和跟隨他的人早晨起來,回往非利士地去。非利士人也上耶斯列去了。