< Samuel 1 27 >

1 Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”
Un Dāvids domāja savā sirdī: taču man kādā dienā nāks gals caur Saula roku; man labuma nav, ja es glābtin neglābjos uz Fīlistu zemi, lai Sauls mitās mani joprojām meklēt visās Israēla robežās; tā es no viņa rokas izglābšos.
2 Ale David kple ame alafa ade siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ.
Tad Dāvids cēlās un gāja ar tiem sešsimt vīriem, kas pie viņa bija, pie Aķisa, Maoka dēla, Gatas ķēniņa.
3 David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi.
Un Dāvids palika pie Aķisa Gatā, pats un viņa vīri, ikkatrs ar savu namu, Dāvids ar savām abām sievām, Aķinoamu, to Jezreēlieti, un Abigaīli, Nābala sievu, to Karmelieti.
4 Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti.
Kad nu Saulam sacīja, ka Dāvids aizbēdzis uz Gatu, tad viņš to vairs nemeklēja.
5 Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.”
Un Dāvids sacīja uz Aķisu: ja es žēlastību esmu atradis priekš tavām acīm, tad lai man dod vietu vienā zemes pilsētā, ka es tur dzīvoju; jo kāpēc tavam kalpam ķēniņa pilsētā pie tevis būs dzīvot?
6 Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe.
Tad Aķis viņam tai dienā deva Ciklagu. Tāpēc Ciklaga Jūda ķēniņiem pieder līdz šai dienai.
7 David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene.
Un tas laiks, ko Dāvids Fīlistu zemē mita, bija viens gads un četri mēneši.
8 Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham.
Un Dāvids cēlās ar saviem vīriem un uzbruka Gešuriešiem un Ģirziešiem un Amalekiešiem, jo tie citkārt bija tie zemes iedzīvotāji līdz Šurai un Ēģiptes zemei.
9 Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis.
Un Dāvids kāva to zemi un nepameta dzīvus ne vīrus, ne sievas un ņēma avis un vēršus un ēzeļus un kamieļus un drēbes, un griezās atpakaļ un nāca pie Aķisa.
10 Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.”
Kad nu Aķis sacīja: kur jūs šodien esat ielauzušies? Tad Dāvids sacīja: pret dienasvidu iekš Jūda, un pret dienasvidu pie Jerameliešiem, un pret dienasvidu pie Keniešiem.
11 David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome.
Un Dāvids ne vīrus, ne sievas nepameta dzīvus, ka tie netiktu uz Gatu; jo viņš sacīja: lai nenes vēsti pret mums, sacīdami: tā Dāvids mums ir darījis. Un tāds bija viņa darbs, cik ilgi tas Fīlistu zemē dzīvoja.
12 Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”
Un Aķis ticēja Dāvidam un domāja, viņš sev smirdošu darījies priekš saviem Israēla ļaudīm, tāpēc viņš man mūžam būs par kalpu.

< Samuel 1 27 >