< Samuel 1 26 >

1 Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?”
西弗人到基比亞見掃羅,說:「大衛不是在曠野前的哈基拉山藏着嗎?」
2 Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David.
掃羅就起身,帶領以色列人中挑選的三千精兵下到西弗的曠野,要在那裏尋索大衛。
3 Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la,
掃羅在曠野前的哈基拉山,在道路上安營。大衛住在曠野,聽說掃羅到曠野來追尋他,
4 eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã.
就打發人去探聽,便知道掃羅果然來到。
5 David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe.
大衛起來,到掃羅安營的地方,看見掃羅和他的元帥尼珥的兒子押尼珥睡臥之處;掃羅睡在輜重營裏,百姓安營在他周圍。
6 David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”
大衛對赫人亞希米勒和洗魯雅的兒子約押的兄弟亞比篩說:「誰同我下到掃羅營裏去?」亞比篩說:「我同你下去。」
7 Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.
於是大衛和亞比篩夜間到了百姓那裏,見掃羅睡在輜重營裏;他的槍在頭旁,插在地上。押尼珥和百姓睡在他周圍。
8 Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”
亞比篩對大衛說:「現在上帝將你的仇敵交在你手裏,求你容我拿槍將他刺透在地,一刺就成,不用再刺。」
9 Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia?
大衛對亞比篩說:「不可害死他。有誰伸手害耶和華的受膏者而無罪呢?」
10 Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku.
大衛又說:「我指着永生的耶和華起誓,他或被耶和華擊打,或是死期到了,或是出戰陣亡;
11 Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!”
我在耶和華面前,萬不敢伸手害耶和華的受膏者。現在你可以將他頭旁的槍和水瓶拿來,我們就走。」
12 Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
大衛從掃羅的頭旁拿了槍和水瓶,二人就走了,沒有人看見,沒有人知道,也沒有人醒起,都睡着了,因為耶和華使他們沉沉地睡了。
13 Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe.
大衛過到那邊去,遠遠地站在山頂上,與他們相離甚遠。
14 Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!” Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?”
大衛呼叫百姓和尼珥的兒子押尼珥說:「押尼珥啊,你為何不答應呢?」押尼珥說:「你是誰?竟敢呼叫王呢?」
15 David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o?
大衛對押尼珥說:「你不是個勇士嗎?以色列中誰能比你呢?民中有人進來要害死王-你的主,你為何沒有保護王-你的主呢?
16 Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?”
你這樣是不好的!我指着永生的耶和華起誓,你們都是該死的;因為沒有保護你們的主,就是耶和華的受膏者。現在你看看王頭旁的槍和水瓶在哪裏。」
17 Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?” David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.”
掃羅聽出是大衛的聲音,就說:「我兒大衛,這是你的聲音嗎?」大衛說:「主-我的王啊,是我的聲音」;
18 Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ?
又說:「我做了甚麼?我手裏有甚麼惡事?我主竟追趕僕人呢?
19 Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.
求我主我王聽僕人的話:若是耶和華激發你攻擊我,願耶和華收納祭物;若是人激發你,願他在耶和華面前受咒詛;因為他現今趕逐我,不容我在耶和華的產業上有分,說:『你去事奉別神吧!』
20 Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.”
現在求王不要使我的血流在離耶和華遠的地方。以色列王出來是尋找一個虼蚤,如同人在山上獵取一個鷓鴣一般。」
21 Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”
掃羅說:「我有罪了!我兒大衛,你可以回來,因你今日看我的性命為寶貴;我必不再加害於你。我是糊塗人,大大錯了。」
22 David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe.
大衛說:「王的槍在這裏,可以吩咐一個僕人過來拿去。
23 Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.
今日耶和華將王交在我手裏,我卻不肯伸手害耶和華的受膏者。耶和華必照各人的公義誠實報應他。
24 Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”
我今日重看你的性命,願耶和華也重看我的性命,並且拯救我脫離一切患難。」
25 Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.
掃羅對大衛說:「我兒大衛,願你得福!你必做大事,也必得勝。」於是大衛起行,掃羅回他的本處去了。

< Samuel 1 26 >