< Samuel 1 24 >
1 Esi Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòtrɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ be David yi gbedzi le En Gedi.
When Saul returned from chasing the Philistines, it was reported to him, “David is in the Desert of En-gedi.”
2 Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi.
So Saul took three thousand specially-picked men from all Israel and went searching for David and his men in the area around Wild Goats' Rocks.
3 Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!
As Saul passed the sheep pens on the way, there was a cave, and he went in to relieve himself. David and his men were hiding deep inside the cave.
4 David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!
David's men said to him, “Today's the day the Lord promised you when he told you, ‘Listen, I'm going to hand over your enemy to you, so you can do to him whatever you want.’” Then David crept up quietly and cut a piece from the edge of Saul's robe.
5 Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me.
But afterwards David felt really bad because he'd cut off a piece of Saul's robe.
6 Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.”
He told his men, “May the Lord prevent me from doing anything like this to my master, the Lord's anointed one. I will never attack him, for he is the Lord's anointed one.”
7 David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo.
He reprimanded his men and didn't allow them to attack Saul. Saul stood up and went on his way.
8 Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.
A little later David came out of the cave and shouted, “My master the king!” When Saul looked around, David bowed down with his face to the ground.
9 David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò?
“Why do you pay attention to people who say, ‘Watch out, David wants to harm you’?” David asked.
10 Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’
“Just look! You've seen with your own eyes today that the Lord handed you over to me in the cave. Some urged me to kill you, but I showed you compassion, and said, ‘I refuse to attack my master, for he is the Lord's anointed one.’
11 Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.
Take a look, my father! You see this piece of your robe I'm holding. Yes, I did I cut it off, but I didn't kill you. Now you can see for yourself and you can be sure that I have done nothing evil or rebellious. I have not sinned against you, but you are hunting me down, trying to kill me.
12 “Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o.
May the Lord decide between you and me as to who of us is right, and may the Lord punish you, but I myself will never try to harm you.
13 Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’
As the old saying goes, ‘From the wicked comes wickedness,’ but I myself will never try to harm you.
14 “Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua?
Who is the king of Israel coming after? Who are you chasing? A dead dog! Just a flea!
15 Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”
May the Lord decide and choose between you and me. May he pay attention to my case and support it; may he save me from you.”
16 Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe.
After David finished saying this, Saul asked, “Is that you speaking, David my son?” and he wept out loud.
17 Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
He told David, “You are a better person than I am, because you have repaid me with good, but I have repaid you with evil.
18 Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o.
Today you have demonstrated how well you have treated me—for when the Lord handed me over to you, you didn't kill me.
19 Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta.
For if a man caught hold of his enemy, would he let him escape unharmed? The Lord reward you well for how you've treated me today.
20 Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me.
Listen, I know you definitely will be king, and your rule over the kingdom of Israel will be secure.
21 Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!”
Now swear to me by the Lord that you will not destroy my descendants who follow me, and that you will not wipe out my name from my family line.”
22 Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me.
So David promised this to Saul with an oath. Then Saul went back home, but David and his men returned to the stronghold.