< Samuel 1 23 >
1 Gbe ɖeka la, David se be Filistitɔwo va nɔ Keilatɔwo ƒe lugbɔƒe ham,
有人告訴大衛說:「非利士人攻擊基伊拉,搶奪禾場。」
2 eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”
所以大衛求問耶和華說:「我去攻打那些非利士人可以不可以?」耶和華對大衛說:「你可以去攻打非利士人,拯救基伊拉。」
3 Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!”
跟隨大衛的人對他說:「我們在猶大地這裏尚且懼怕,何況往基伊拉去攻打非利士人的軍旅呢?」
4 David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”
大衛又求問耶和華。耶和華回答說:「你起身下基伊拉去,我必將非利士人交在你手裏。」
5 Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo.
大衛和跟隨他的人往基伊拉去,與非利士人打仗,大大殺敗他們,又奪獲他們的牲畜。這樣,大衛救了基伊拉的居民。
6 Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David.
亞希米勒的兒子亞比亞他逃到基伊拉見大衛的時候,手裏拿着以弗得。
7 Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!”
有人告訴掃羅說:「大衛到了基伊拉。」掃羅說:「他進了有門有閂的城,困閉在裏頭;這是上帝將他交在我手裏了。」
8 Eya ta Saul na be eƒe aʋakɔ blibo la nayi Keila aɖaɖe to ɖe David kple eƒe ameawo.
於是掃羅招聚眾民,要下去攻打基伊拉城,圍困大衛和跟隨他的人。
9 Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ.
大衛知道掃羅設計謀害他,就對祭司亞比亞他說:「將以弗得拿過來。」
10 David gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, mese be Saul gbɔna be yeatsrɔ̃ Keila elabena mele afi sia.
大衛禱告說:「耶和華-以色列的上帝啊,你僕人聽真了掃羅要往基伊拉來,為我的緣故滅城。
11 Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.” Yehowa gblɔ be, “Ɛ̃, Saul le vava ge.”
基伊拉人將我交在掃羅手裏不交?掃羅照着你僕人所聽的話下來不下來?耶和華-以色列的上帝啊,求你指示僕人!」耶和華說:「掃羅必下來。」
12 David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.”
大衛又說:「基伊拉人將我和跟隨我的人交在掃羅手裏不交?」耶和華說:「必交出來。」
13 Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o.
大衛和跟隨他的約有六百人,就起身出了基伊拉,往他們所能往的地方去。有人告訴掃羅,大衛離開基伊拉逃走;於是掃羅不出來了。
14 Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o.
大衛住在曠野的山寨裏,常在西弗曠野的山地。掃羅天天尋索大衛,上帝卻不將大衛交在他手裏。
15 Gbe ɖeka esi David nɔ Hores le Zif gbegbe la, ese be Saul le eƒe agbe yome tim.
大衛知道掃羅出來尋索他的命。那時,他住在西弗曠野的樹林裏;
16 Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me.
掃羅的兒子約拿單起身,往那樹林裏去見大衛,使他倚靠上帝得以堅固,
17 Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.”
對他說:「不要懼怕!我父掃羅的手必不加害於你;你必作以色列的王,我也作你的宰相。這事我父掃羅知道了。」
18 Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe.
於是二人在耶和華面前立約。大衛仍住在樹林裏,約拿單回家去了。
19 Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi.
西弗人上到基比亞見掃羅,說:「大衛不是在我們那裏的樹林裏山寨中、曠野南邊的哈基拉山藏着嗎?
20 Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!”
王啊,請你隨你的心願下來,我們必親自將他交在王的手裏。」
21 Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam!
掃羅說:「願耶和華賜福與你們,因你們顧恤我。
22 Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye.
請你們回去,再確實查明他的住處和行蹤,是誰看見他在那裏,因為我聽見人說他甚狡猾。
23 Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”
所以要看準他藏匿的地方,回來據實地告訴我,我就與你們同去。他若在猶大的境內,我必從千門萬戶中搜出他來。」
24 Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo.
西弗人就起身,在掃羅以先往西弗去。 大衛和跟隨他的人卻在瑪雲曠野南邊的亞拉巴。
25 Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la.
掃羅和跟隨他的人去尋找大衛;有人告訴大衛,他就下到磐石,住在瑪雲的曠野。掃羅聽見,便在瑪雲的曠野追趕大衛。
26 Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o.
掃羅在山這邊走,大衛和跟隨他的人在山那邊走。大衛急忙躲避掃羅;因為掃羅和跟隨他的人,四面圍住大衛和跟隨他的人,要拿獲他們。
27 Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham.
忽有使者來報告掃羅說:「非利士人犯境搶掠,請王快快回去!」
28 Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.”
於是掃羅不追趕大衛,回去攻打非利士人。因此那地方名叫西拉‧哈瑪希羅結。
29 David yi ɖanɔ En Gedi ƒe agadowo me azɔ.
大衛從那裏上去,住在隱‧基底的山寨裏。