< Samuel 1 22 >

1 Ale David dzo le Gat eye wòsi yi Adulam ƒe agado me; le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va tsi egbɔ le afi ma.
大卫就离开那里,逃到亚杜兰洞。他的弟兄和他父亲的全家听见了,就都下到他那里。
2 Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene.
凡受窘迫的、欠债的、心里苦恼的都聚集到大卫那里;大卫就作他们的头目,跟随他的约有四百人。
3 Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye.
大卫从那里往摩押的米斯巴去,对摩押王说:“求你容我父母搬来,住在你们这里,等我知道 神要为我怎样行。”
4 Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã.
大卫领他父母到摩押王面前。大卫住山寨多少日子,他父母也住摩押王那里多少日子。
5 Gbe ɖeka la, Nyagblɔɖila Gad gblɔ na David be wòadzo le agado la me eye wòatrɔ ayi Yuda. Ale David yi ave aɖe me le Heret.
先知迦得对大卫说:“你不要住在山寨,要往犹大地去。”大卫就离开那里,进入哈列的树林。
6 Esi wòva ɖo afi ma tetee ko la, Saul se be eva ɖo Yudanyigba dzi elabena Saul nɔ Gibea ɣe ma ɣi. Enɔ anyi ɖe oɖumti aɖe te nɔ fefem kple eƒe yi eye eƒe aʋafiawo ƒo xlãe.
扫罗在基比亚的拉玛,坐在垂丝柳树下,手里拿着枪,众臣仆侍立在左右。扫罗听见大卫和跟随他的人在何处,
7 Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea?
就对左右侍立的臣仆说:“便雅悯人哪,你们要听我的话!耶西的儿子能将田地和葡萄园赐给你们各人吗?能立你们各人作千夫长百夫长吗?
8 Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.”
你们竟都结党害我!我的儿子与耶西的儿子结盟的时候,无人告诉我;我的儿子挑唆我的臣子谋害我,就如今日的光景,也无人告诉我,为我忧虑。”
9 Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la.
那时以东人多益站在扫罗的臣仆中,对他说:“我曾看见耶西的儿子到了挪伯,亚希突的儿子亚希米勒那里。
10 Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.”
亚希米勒为他求问耶和华,又给他食物,并给他杀非利士人歌利亚的刀。”
11 Ale Fia Saul ɖo du ɖe nunɔla Ahimelek, Ahitub viŋutsu kple eƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nye nunɔlawo le Nɔb eye wova fia la gbɔ.
王就打发人将祭司亚希突的儿子亚希米勒和他父亲的全家,就是住挪伯的祭司都召了来;他们就来见王。
12 Saul gblɔ na Abimelek be, “Ɖo tom, wò Ahitub viŋutsu!” Abimelek ɖo eŋu be, “Mele to ɖom nye aƒetɔ.”
扫罗说:“亚希突的儿子,要听我的话!”他回答说:“主啊,我在这里。”
13 Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?”
扫罗对他说:“你为什么与耶西的儿子结党害我,将食物和刀给他,又为他求问 神,使他起来谋害我,就如今日的光景?”
14 Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.
亚希米勒回答王说:“王的臣仆中有谁比大卫忠心呢?他是王的女婿,又是王的参谋,并且在王家中是尊贵的。
15 Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.”
我岂是从今日才为他求问 神呢?断不是这样!王不要将罪归我和我父的全家;因为这事,无论大小,仆人都不知道。”
16 Fia Saul do ɣli be, “Wò, Ahimelek kple wò ƒometɔwo katã miaku!”
王说:“亚希米勒啊,你和你父的全家都是该死的!”
17 Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o.
王就吩咐左右的侍卫说:“你们去杀耶和华的祭司;因为他们帮助大卫,又知道大卫逃跑,竟没有告诉我。”扫罗的臣子却不肯伸手杀耶和华的祭司。
18 Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me.
王吩咐多益说:“你去杀祭司吧!”以东人多益就去杀祭司,那日杀了穿细麻布以弗得的八十五人;
19 Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu.
又用刀将祭司城挪伯中的男女、孩童、吃奶的,和牛、羊、驴尽都杀灭。
20 Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome.
亚希突的儿子亚希米勒有一个儿子,名叫亚比亚他,逃到大卫那里。
21 Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la,
亚比亚他将扫罗杀耶和华祭司的事告诉大卫。
22 David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã.
大卫对亚比亚他说:“那日我见以东人多益在那里,就知道他必告诉扫罗。你父的全家丧命,都是因我的缘故。
23 Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.”
你可以住在我这里,不要惧怕。因为寻索你命的就是寻索我的命;你在我这里可得保全。”

< Samuel 1 22 >