< Samuel 1 20 >

1 Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”
Then David fled from the dwellings at Ramah, and came before Jonathan and said, "What have I done? What is my iniquity? What is my sin before your father, that he seeks my life?"
2 Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”
He said to him, "Far from it; you shall not die. Look, my father does nothing either great or small, but that he discloses it to me; and why should my father hide this thing from me? It is not so."
3 Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”
And David answered and said, "Your father knows well that I have found favor in your eyes; and he says, 'Do not let Jonathan know this, lest he be grieved:' but truly as the LORD lives, and as your soul lives, there is but a step between me and death."
4 Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.”
Then Jonathan said to David, "Whatever your soul desires, I will do for you."
5 Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ.
So David said to Jonathan, "Look, tomorrow is the new moon, and I should not fail to sit with the king to eat. Instead, let me go so that I may hide myself in the field until evening.
6 Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’
If your father missed me at all, then say, 'David urgently requested of me that he might run to Bethlehem his city, for it is the yearly sacrifice there for all the family.'
7 Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye.
If he says, 'It is well;' your servant shall have peace: but if he be angry, then know that evil is determined by him.
8 Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”
Therefore deal kindly with your servant; for you have brought your servant into a covenant of the LORD with you: but if there is iniquity in me, kill me yourself; for why should you bring me to your father?"
9 Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.”
Jonathan said, "Far be it from you; for if I should at all know that evil were determined by my father to come on you, then wouldn't I tell you that?"
10 David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?”
Then David said to Jonathan, "Who will tell me if your father answers you harshly?"
11 Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi.
Jonathan said to David, "Come, and let us go out into the field." They both went out into the field.
12 Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake.
Jonathan said to David, "The LORD, the God of Israel, is witness. When I have studied my father, about this time tomorrow, or the third day, look, if there is good toward David, shall I not then send to you, and disclose it to you?
13 Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene.
But should it please my father to do you harm, God do so to Jonathan and more also if I do not let you know and send you away, that you may go in safety. And may the LORD be with you, as he has been with my father.
14 Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o,
And if I am still alive, deal loyally with me. But if I die,
15 ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.”
do not cut off your loyalty from my house forever. And when the LORD cuts off the enemies of David, each one from the face of the earth,
16 Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o.
if the name of Jonathan be cut off from the house of David, then may the LORD require it at the hand of the enemies of David."
17 Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene.
And Jonathan swore to David again, because he loved him, for he loved him as he loved his own soul.
18 Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie.
Then Jonathan said, "Tomorrow is the new moon: and you will be missed, because your seat will be empty.
19 Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo.
On the third day you should go down quickly, and come to the place where you hid yourself when this started, and stay by that mound.
20 Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene.
And as for me, on the third day I will shoot arrows to its side, aiming it toward a target.
21 Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o.
Look, I will send the boy, saying, 'Go, find the arrows.' If I tell the boy, 'Look, the arrow is on this side of you. Take it;' then come; for there is peace to you and no hurt, as the LORD lives.
22 Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake.
But if I say this to the boy, 'Look, the arrow is beyond you;' then go your way; for the LORD has sent you away.
23 Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.”
Concerning the matter which you and I have spoken of, look, the LORD is a witness between you and me forever."
24 Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu.
So David hid himself in the field. And when the new moon had come, the king sat at the table to eat.
25 Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo.
The king sat on his seat, as at other times, even on the seat by the wall; and Jonathan sat opposite, and Abner sat by Saul's side: but David's place was empty.
26 Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o.
Nevertheless Saul did not say anything that day: for he thought, "Something has happened to him. He is not clean. Surely he is not clean."
27 Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?”
It happened on the next day after the new moon, the second day, that David's place was empty. Saul said to Jonathan his son, "Why hasn't the son of Jesse come to the table, either yesterday or today?"
28 Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem.
Jonathan answered Saul, and said, "David earnestly asked leave of me to go to Bethlehem.
29 Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.”
He said, 'Please let me go, for our family has a sacrifice in the city. And as for me, my brothers have ordered me to be there. Now, if I have found favor in your eyes, please let me go away and see my brothers.' Therefore he has not come to the king's table."
30 Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa?
Then Saul's anger flared up at Jonathan, and he said to him, "You son of a rebellious slave girl, don't I know that you are the companion of the son of Jesse, to your own disgrace, and to the disgrace of your mother's nakedness?
31 Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”
For as long as the son of Jesse lives on the earth, your kingdom will not be established. Therefore now send and bring him to me, for he shall surely die."
32 Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”
But Jonathan answered Saul, "Why should he be put to death? What has he done?"
33 Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o.
Then Saul raised his spear at him to strike him, and Jonathan realized that this evil from his father to kill David was determined.
34 Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ.
So Jonathan sprang up from the table in fierce anger, and ate no food the second day of the month; for he was grieved for David, because his father had dishonored him.
35 Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ.
It happened in the morning, that Jonathan went out into the field at the time appointed with David, and a little boy with him.
36 Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu.
He said to the boy, "Run, find now the arrows which I shoot." And as the boy ran, he shot an arrow, causing it to pass beyond, toward the city.
37 Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò.
When the boy had come to the place of the arrow which Jonathan had shot, Jonathan called after the youth, and said, "Isn't the arrow beyond you?"
38 Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ.
Jonathan cried after the boy, "Go fast. Hurry. Do not delay." Jonathan's boy gathered up the arrows, and came to his master.
39 Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme.
But the boy did not know anything. Only Jonathan and David knew the matter.
40 Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me.
Jonathan gave his weapons to his boy, and said to him, "Go, carry them to the city."
41 Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan.
As soon as the boy was gone, David arose from beside the mound, and fell on his face to the ground, and bowed himself three times. They kissed one another, and wept one with another, and David wept the most.
42 Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.
Then Jonathan said, "Go in peace, because we have both sworn in the name of the LORD, saying, 'The LORD shall be between me and you, and between my descendants and your descendants, forever.'" He arose and departed; and Jonathan went into the city.

< Samuel 1 20 >