< Samuel 1 2 >

1 Hana do gbe ɖa be, “Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me; le Yehowa me nye dzo de dzi bobobo. Nye nu ʋu ɖe nye futɔwo ŋu eye medzɔ dzi le wò ɖeɖe la me.
And Hannah prays and says: “My heart has exulted in YHWH, My horn has been high in YHWH, My mouth has been large over my enemies, For I have rejoiced in Your salvation.
2 “Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.
There is none holy like YHWH, For there is none except You, And there is no rock like our God.
3 “Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.
You do not multiply—you speak haughtily—The old saying goes out from your mouth, For YHWH [is] a God of knowledge, And actions are weighed by Him.
4 “Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo.
Bows of the mighty are broken, And the stumbling have girded on strength.
5 Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi.
The satiated hired themselves for bread, And the hungry have ceased. While the barren has borne seven, And she abounding with sons has languished.
6 “Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me. (Sheol h7585)
YHWH puts to death, and keeps alive, He brings down to Sheol, and brings up. (Sheol h7585)
7 Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi.
YHWH dispossesses, and He makes rich, He makes low, indeed, He makes high.
8 Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.
He raises the poor from the dust, He lifts up the needy from a dunghill, To cause [them] to sit with nobles, Indeed, He causes them to inherit a throne of glory, For the fixtures of earth [are] of YHWH, And He sets the habitable world on them.
9 Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;
He keeps the feet of His saints, And the wicked are silent in darkness, For man does not become mighty by power.
10 ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”
YHWH—His adversaries are broken down, He thunders against them in the heavens: YHWH judges the ends of the earth, And gives strength to His king, And exalts the horn of His anointed.”
11 Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.
And Elkanah goes to Ramath, to his house, and the youth has been serving YHWH [in] the presence of Eli the priest;
12 Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa
and the sons of Eli [are] sons of worthlessness, they have not known YHWH.
13 loo alo dea bubu nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo na dukɔ la ŋu o. Ne ame aɖe va sa vɔ la, nunɔla la ƒe dɔla la vana léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi esime vɔsalã la le dzo dzi.
And the custom of the priests with the people [is that when] any man is sacrificing a sacrifice, then the servant of the priest has come in when the flesh is boiling, and [with] the hook of three teeth in his hand,
14 Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti.
and has struck [it] into the pan, or kettle, or cauldron, or pot; all that the hook brings up the priest takes for himself; thus they do to all Israel who are coming in there in Shiloh.
15 Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.”
Also, before they make incense with the fat, then the priest’s servant has come in and said to the man who is sacrificing, “Give flesh to roast for the priest, and he does not take boiled flesh from you, but raw”;
16 Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!”
and the man says to him, “Let them surely make incense with the fat according to the [custom] today, then take to yourself as your soul desires”; and he has said to him, “Surely you give now; and if not—I have taken by strength.”
17 Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa.
And the sin of the young men is very great [in] the presence of YHWH, for the men have despised the offering of YHWH.
18 Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu.
And Samuel is ministering [in] the presence of YHWH, a youth girt [with] an ephod of linen;
19 Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe.
and his mother makes a small upper coat for him, and she has brought it up to him from time to time, in her coming up with her husband to sacrifice the sacrifice of the time.
20 Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de.
And Eli blessed Elkanah and his wife, and said, “YHWH appoints seed of this woman for you, for the petition which she asked for YHWH”; and they have gone to their place.
21 Yehowa ve Hana nu wòdzi viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu eve ɖe Samuel yome. Ale Samuel tsi ɖe edzi le Yehowa ƒe ŋkume.
When YHWH has looked after Hannah, then she conceives and bears three sons and two daughters; and the youth Samuel grows up with YHWH.
22 Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.
And Eli [is] very old, and has heard all that his sons do to all Israel, and how that they lie with the women who are assembling [at] the opening of the Tent of Meeting,
23 Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam.
and he says to them, “Why do you do things like these? For I am hearing of your evil words from all the people—these!
24 Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me.
No, my sons; for the report which I am hearing is not good, causing the people of YHWH to transgress.
25 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo.
If a man sins against a man, then God has judged him; but if a man sins against YHWH, who prays for him?” And they do not listen to the voice of their father, though YHWH has delighted to put them to death.
26 Samuel, ɖevi sue la, nɔ tsitsim ɖe edzi, enye ame sia ame ƒe lɔlɔ̃tɔ eye eƒe nu nyo Yehowa hã ŋu.
And the youth Samuel is going on and growing up, and [is] good with both YHWH, and also with men.
27 Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa?
And a man of God comes to Eli and says to him, “Thus said YHWH: Was I really revealed to the house of your father in their being in Egypt, before Pharaoh’s house,
28 Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa?
even to choose him out of all the tribes of Israel for a priest for Myself, to go up on My altar, to make incense, to bear an ephod before Me, and I give to the house of your father all the fire-offerings of the sons of Israel?
29 Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!
Why do you kick at My sacrifice and at My offering, which I commanded [in] My habitation, and honor your sons above Me, to make yourselves fat from the first part of every offering of Israel, of My people?
30 “Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe.
Therefore—a declaration of YHWH, God of Israel—I certainly said, Your house and the house of your father walk up and down before Me for all time; and now—a declaration of YHWH—Far be it from Me! For he who is honoring Me, I honor, and those despising Me, are lightly esteemed.
31 Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o,
Behold, days [are] coming, and I have cut off your arm, and the arm of the house of your father, that an old man is not in your house;
32 eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o.
and you have beheld an adversary [in My] habitation, in all that He does good with Israel, and there is not an old man in your house all the days.
33 Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me.
And the man of yours I do not cut off from My altar—[My purpose is] to consume your eyes, and to grieve your soul; and all the increase of men [in] your house die;
34 “‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi.
and this [is] the sign to you that comes to your two sons, to Hophni and Phinehas—in one day both of them die;
35 Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa.
and I have raised up a steadfast priest for Myself; he does as in My heart and in My soul; and I have built a steadfast house for him, and he has walked up and down before My anointed all the days;
36 Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.”’”
and it has been, everyone who is left in your house comes to bow himself to him for a wage of silver and a cake of bread, and has said, Please admit me to one of the priest’s offices, to eat a morsel of bread.”

< Samuel 1 2 >