< Samuel 1 19 >

1 Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la,
Saulo nowachone Jonathan ma wuode to gi jotije duto mondo gineg Daudi. To Jonathan nohero Daudi ahinya,
2 Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi.
mi nosieme niya, “Tangʼ, Saulo wuora manyo yo ma donegigo. Omiyo kiny gokinyi dhiyo ipondi kendo bed mana kuno.
3 Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.”
Abiro dhi oko kendo anachungʼ but wuora machiegni gi kama ipondoeno. Abiro wuoyo kode kuomi kendo abiro nyisi gima ayudo.”
4 Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi.
Jonathan nowuoyo maber kuom Daudi ne Saulo, wuon mare, mowachone niya, “Ruoth kik itim marach ne jatichni Daudi; pok otimoni marach, to osemana konyi ahinya.
5 Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”
Noyie tho chiengʼ mane onego ja-Filistia. Jehova Nyasaye nokelo loch maduongʼ ne jo-Israel duto, ne ineno mine imor. Angʼo madimi itim marach ni ngʼama onge ketho ka Daudi kinege maonge gima omiyo?”
6 Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.”
Saulo nochiko ite ne wach Jonathan mi okwongʼore kowacho niya, “Akwongʼora gi nying Jehova Nyasaye mangima ni Daudi ok nonegi.”
7 Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene.
Omiyo Jonathan noluongo Daudi monyise weche duto mane giwacho. Nokele ir Saulo, mi Daudi nobedo gi Saulo kaka nosebet mokwongo.
8 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.
Lweny nochako owuok kendo, mi Daudi nowuok modhi kedo gi jo-Filistia. Nonego ji mangʼeny ma joma odongʼ noringo oa.
9 Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la.
To roho marach ma Jehova Nyasaye nomiyo thuolo nobiro kuom Saulo kama nobetie piny ei ode ka otingʼo tongʼe e lwete. Kane Daudi ne goyo nyatiti,
10 Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo.
Saulo notemo chwowe gi tongʼ mondo oriwe gi kor ot, to Daudi nolengʼe mi tongʼ nochwowo kor ot. Otienono Daudi notony maber modhi.
11 Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.”
Saulo nooro ji mondo orit od Daudi kendo mondo onege gokinyi. To Mikal ma chi Daudi nosieme niya, “Ka ok iringo mi ikonyo ngimani otienoni to kiny nonegi.”
12 Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi.
Eka Mikal nogolo Daudi gie dirisa, mine oringo motony.
13 Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ.
Eka Mikal nokawo gima opa mopiele e kitanda, moume gi law, bangʼe oketo yie diek moko e wiye.
14 Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o.
Kane Saulo ooro ji mondo omak Daudi, Mikal nowacho niya, “Otuo.”
15 Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui.
Kendo Saulo nooro jogo mondo odogi one Daudi mowachonegi niya, “Keleuru ira ka utingʼe e kitandane mondo omi anege.”
16 Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe.
To ka jogo nodonjo negiyudo gima opa e kitanda, to yo ka wiye to oketie yie diek.
17 Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?” Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.”
Saulo nowachone Mikal niya, “Angʼo momiyo iwuonda kama kiweyo jasika dhi matony?” Mikal nowachone niya, “Nowachona ni, ‘Weya adhi. Angʼo momiyo danegi.’”
18 Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt.
Kane Daudi oseringo motony, ne odhi Rama ir Samuel mi onyise timbe duto ma Saulo osetimone. Eka en gi Samuel negidhi Nayoth ma gibet kuno.
19 Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la,
Wach nochopo ne Saulo niya, “Daudi ni Nayoth e gwengʼ Rama”
20 eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me.
omiyo nooro ji mondo odhi omake. To kane gineno oganda jonabi ka koro wach ka gin gi Samuel kochungʼ kanyo kaka jatendgi Roho mar Nyasaye nomako joote Saulo ma gin bende negichako koro.
21 Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã.
Nonyis Saulo wachno, mi nooro ji moko to gin bende ne gikoro. Eka Saulo nooro joote kendo mar adek, to gin bende negimedo mana koro.
22 Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?” Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.”
Mogik en owuon nowuok modhi Rama ka nochopo e Soko maduongʼ man Seku. Nopenjo niya, “Ere Samuel gi Daudi?” Negidwoke niya, “Gin Nayoth e gwengʼ Rama.”
23 Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me!
Omiyo Saulo nodhi Nayoth e gwengʼ Rama. To en bende Roho mar Nyasaye nobiro kuome mi owuotho kokoro wach nyaka ochopo Nayoth.
24 Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”
Nogolo lepe mokoro wach e nyim Samuel. Nonindo kamano odiechiengʼ gotieno. Mano ema omiyo ji wacho niya, “Kare Saulo bende en achiel kuom jonabi?”

< Samuel 1 19 >