< Samuel 1 17 >

1 Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome.
Now the Philistines gathered together their armies to battle; and they were gathered together at Socoh, which belongs to Judah, and camped between Socoh and Azekah, in Ephes Dammim.
2 Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu.
Saul and the men of Israel were gathered together, and camped in the Valley of Elah, and set the battle in array against the Philistines.
3 Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome.
The Philistines stood on the mountain on the one side, and Israel stood on the mountain on the other side: and there was a valley between them.
4 Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.
There went out a champion out of the camp of the Philistines, named Goliath, of Gath, whose height was six feet eight inches.
5 Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre.
And he had a helmet on his head, and wore bronze scale-armor. And the weight of the bronze armor was five thousand shekels.
6 Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta.
And he had bronze armor on his shins, and a bronze javelin was slung over his shoulders.
7 Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ.
Now the shaft of his spear was like a weaver's beam, and its blade weighed six hundred iron shekels, and his shield bearer went in front of him.
8 Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me
He stood and shouted to the armies of Israel, and said to them, "Why have you come out to set your battle in array? Am I not a Philistine, and you servants to Saul? Choose a man for yourselves, and let him come down to me.
9 Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.”
If he is able to fight with me and kill me, then we will be your servants; but if I prevail against him, and kill him, then you will be our servants, and serve us."
10 Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.”
The Philistine said, "I defy the armies of Israel this day. Give me a man, that we may fight together."
11 Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.
When Saul and all Israel heard those words of the Philistine, they were dismayed, and greatly afraid.
12 Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.
Now David was the son of that Ephrathite of Bethlehem in Judah, whose name was Jesse; and he had eight sons. And in the days of Saul the man was old and advanced in years.
13 Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama.
The three eldest sons of Jesse had gone after Saul to the battle. And the names of his sons who went to the battle were Eliab, the firstborn, and Abinadab, the second, and Shimeah, the third.
14 David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la,
David was the youngest; and the three eldest followed Saul.
15 David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi.
Now David went back and forth from Saul to feed his father's sheep at Bethlehem.
16 Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ.
The Philistine drew near morning and evening, and presented himself forty days.
17 Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me.
Then Jesse said to David, "Now take for your brothers an ephah of this parched grain, and these ten loaves, and carry them quickly to the camp and give them to your brothers;
18 Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam.
and bring these ten cheeses to the captain of their thousand, and see how your brothers are doing, and bring back news."
19 Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.”
Now Saul and they and all the men of Israel were in the Valley of Elah, fighting with the Philistines.
20 David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.
So David arose early in the morning and left the flock with a keeper and took and went, as Jesse had commanded him; and he came to the perimeter of the camp as the army was marching out to its battle formation and shouting the war cry.
21 Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo.
And Israel and the Philistines lined up in battle formation, army against army.
22 David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo.
And David left his supplies in the care of the attendant, and ran to the army and came and greeted his brothers.
23 Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see.
As he talked with them, look, there came up the champion, the Philistine of Gath, Goliath by name, out of the ranks of the Philistines, and spoke according to the same words: and David heard them.
24 Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me.
All the men of Israel, when they saw the man, fled from him, and were terrified.
25 Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”
The men of Israel said, "Have you seen this man who has come up? He has surely come up to defy Israel. It shall be, that the man who kills him, the king will enrich him with great riches, and will give him his daughter, and make his father's house exempt in Israel."
26 David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”
David spoke to the men who stood by him, saying, "What shall be done to the man who kills this Philistine, and takes away this disgrace from Israel? For who is this uncircumcised Philistine, that he should defy the armies of the living God?"
27 Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.”
The people answered him in this way, saying, "So shall it be done to the man who kills him."
28 Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”
Eliab his eldest brother heard when he spoke to the men; and Eliab's anger was kindled against David, and he said, "Why have you come down? With whom have you left those few sheep in the wilderness? I know your insolence and the wickedness of your heart; for you have come down that you might see the battle."
29 David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?”
David said, "What have I now done? Is there not a cause?"
30 David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene.
Then he turned away from him toward another, and spoke in the same way, and they gave him an answer as before.
31 Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe.
When the words that David spoke were overheard, they repeated them before Saul; and he sent for him.
32 David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.”
David said to Saul, "Let not my lord's heart fail because of him. Your servant will go and fight with this Philistine."
33 Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.”
Saul said to David, "You are not able to go against this Philistine to fight with him; for you are but a youth, and he a man of war from his youth."
34 Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la,
David said to Saul, "Your servant was keeping his father's sheep; and when a lion or a bear came, and took a lamb out of the flock,
35 metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ.
I went out after him, and struck him, and rescued it out of his mouth. When he arose against me, I caught him by his beard, and struck him, and killed him.
36 Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu.
Your servant struck both the lion and the bear, and this uncircumcised Philistine shall be as one of them. Should I not go and smite him, and remove this day a disgrace from Israel? For who is this uncircumcised one, since he has defied the armies of the living God?
37 Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”
The LORD who delivered me out of the paw of the lion, and out of the paw of the bear, he will deliver me out of the hand of this Philistine." Saul said to David, "Go; and the LORD shall be with you."
38 Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ.
And he dressed David in a uniform with a bronze helmet on his head, and he clothed him with a coat of armor.
39 David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ.
And David strapped on his sword over his uniform, and after he had tried once or twice to walk, then David said to Saul, "I can't walk with these, for I am not used to them." So they took them off him.
40 Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.
Then he took his staff in his hand and chose for himself five smooth stones from the wadi, and put them in the shepherd's bag, in the pouch. And his sling was in his hand, and he approached the Philistine.
41 Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ.
So the Philistine moved forward and came near to David, and his shield-bearer was in front of him.
42 Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe.
When the Philistine looked and saw David, he despised him, for he was but a youth, and ruddy, and handsome in appearance.
43 Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.
The Philistine said to David, "Am I a dog, that you come to me with a stick and stones?" And David said, "No, worse than a dog." And the Philistine cursed David by his gods.
44 Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!”
The Philistine said to David, "Come to me, and I will give your flesh to the birds of the sky, and to the animals of the field."
45 David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.
Then David said to the Philistine, "You come to me with a sword, and with a spear, and with a javelin: but I come to you in the name of the LORD of hosts, the God of the armies of Israel, whom you have defied.
46 Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel.
Today, the LORD will deliver you into my hand; and I will strike you, and take your head from off you. And I will give your corpse and the corpses of the Philistine army this very day to the birds of the air, and to the wild animals of the earth; that all the earth may know that there is a God in Israel,
47 Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.”
and that all this assembly may know that the LORD doesn't save with sword and spear: for the battle is the LORD's, and he will give you into our hand."
48 Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii.
It happened, when the Philistine arose, and came and drew near to meet David, that David hurried, and ran toward the army to meet the Philistine.
49 Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi.
David put his hand in his bag, took a stone, and slung it, and struck the Philistine in his forehead; and the stone sank into his forehead, and he fell on his face to the ground.
50 Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.
So David prevailed over the Philistine with a sling and with a stone, and struck the Philistine, and killed him; but there was no sword in the hand of David.
51 David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo.
Then David ran and stood beside him, and took his sword and drew it out of its sheath and killed him, and cut off his head with it. When the Philistines saw that their champion was dead, they fled.
52 Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.
The men of Israel and of Judah arose, and shouted, and pursued them as far as Gath, and to the gates of Ekron. The wounded of the Philistines fell down by the way to Shaaraim, even to Gath, and to Ekron.
53 Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me.
The children of Israel returned from chasing after the Philistines, and they plundered their camp.
54 David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me.
David took the head of the Philistine, and brought it to Jerusalem; but he put his armor in his tent.
55 Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”
When Saul saw David go out to meet the Philistine, he said to Abner, the commander of the army, "Whose son is that boy?" And Abner said, "As your soul lives, O king, I don't know."
56 Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.”
The king said, "Inquire whose son that young man is."
57 Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko.
As David returned from the slaughter of the Philistine, Abner took him, and brought him before Saul with the head of the Philistine in his hand.
58 Saul bia David be, “Ɖekakpui, ame ka vie nenye?” David ɖo eŋu be, “Wò dɔla, Yese, si tso Betlehem la vie menye.”
Saul said to him, "Whose son are you, young man?" David answered, "I am the son of your servant Jesse the Bethlehemite."

< Samuel 1 17 >