< Samuel 1 15 >
1 Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe.
撒母耳對掃羅說:「耶和華差遣我膏你為王,治理他的百姓以色列;所以你當聽從耶和華的話。
2 Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta.
萬軍之耶和華如此說:『以色列人出埃及的時候,在路上亞瑪力人怎樣待他們,怎樣抵擋他們,我都沒忘。
3 Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’”
現在你要去擊打亞瑪力人,滅盡他們所有的,不可憐惜他們,將男女、孩童、吃奶的,並牛、羊、駱駝,和驢盡行殺死。』」
4 Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve kpe ɖe ame akpe ewo siwo tso Yuda la ŋu,
於是掃羅招聚百姓在提拉因,數點他們,共有步兵二十萬,另有猶大人一萬。
5 eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu.
掃羅到了亞瑪力的京城,在谷中設下埋伏。
6 Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.
掃羅對基尼人說:「你們離開亞瑪力人下去吧,恐怕我將你們和亞瑪力人一同殺滅;因為以色列人出埃及的時候,你們曾恩待他們。」於是基尼人離開亞瑪力人去了。
7 Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
掃羅擊打亞瑪力人,從哈腓拉直到埃及前的書珥,
8 Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã.
生擒了亞瑪力王亞甲,用刀殺盡亞瑪力的眾民。
9 Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.
掃羅和百姓卻憐惜亞甲,也愛惜上好的牛、羊、牛犢、羊羔,並一切美物,不肯滅絕。凡下賤瘦弱的,盡都殺了。
10 Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be,
耶和華的話臨到撒母耳說:
11 “Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.
「我立掃羅為王,我後悔了;因為他轉去不跟從我,不遵守我的命令。」撒母耳便甚憂愁,終夜哀求耶和華。
12 Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”
撒母耳清早起來,迎接掃羅。有人告訴撒母耳說:「掃羅到了迦密,在那裏立了紀念碑,又轉身下到吉甲。」
13 Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”
撒母耳到了掃羅那裏,掃羅對他說:「願耶和華賜福與你,耶和華的命令我已遵守了。」
14 Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?”
撒母耳說:「我耳中聽見有羊叫、牛鳴,是從哪裏來的呢?」
15 Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”
掃羅說:「這是百姓從亞瑪力人那裏帶來的;因為他們愛惜上好的牛羊,要獻與耶和華-你的上帝;其餘的,我們都滅盡了。」
16 Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”
撒母耳對掃羅說:「你住口吧!等我將耶和華昨夜向我所說的話告訴你。」掃羅說:「請講。」
17 Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
撒母耳對掃羅說:「從前你雖然以自己為小,豈不是被立為以色列支派的元首嗎?耶和華膏你作以色列的王。
18 Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’
耶和華差遣你,吩咐你說,你去擊打那些犯罪的亞瑪力人,將他們滅絕淨盡。
19 Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?”
你為何沒有聽從耶和華的命令,急忙擄掠財物,行耶和華眼中看為惡的事呢?」
20 Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã.
掃羅對撒母耳說:「我實在聽從了耶和華的命令,行了耶和華所差遣我行的路,擒了亞瑪力王亞甲來,滅盡了亞瑪力人。
21 Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.”
百姓卻在所當滅的物中,取了最好的牛羊,要在吉甲獻與耶和華-你的上帝。」
22 Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
撒母耳說: 耶和華喜悅燔祭和平安祭, 豈如喜悅人聽從他的話呢? 聽命勝於獻祭; 順從勝於公羊的脂油。
23 Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.”
悖逆的罪與行邪術的罪相等; 頑梗的罪與拜虛神和偶像的罪相同。 你既厭棄耶和華的命令, 耶和華也厭棄你作王。
24 Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia.
掃羅對撒母耳說:「我有罪了,我因懼怕百姓,聽從他們的話,就違背了耶和華的命令和你的言語。
25 Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.”
現在求你赦免我的罪,同我回去,我好敬拜耶和華。」
26 Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”
撒母耳對掃羅說:「我不同你回去;因為你厭棄耶和華的命令,耶和華也厭棄你作以色列的王。」
27 Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã!
撒母耳轉身要走,掃羅就扯住他外袍的衣襟,衣襟就撕斷了。
28 Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.
撒母耳對他說:「如此,今日耶和華使以色列國與你斷絕,將這國賜與比你更好的人。
29 Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”
以色列的大能者必不致說謊,也不致後悔;因為他迥非世人,決不後悔。」
30 Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.”
掃羅說:「我有罪了,雖然如此,求你在我百姓的長老和以色列人面前抬舉我,同我回去,我好敬拜耶和華-你的上帝。」
31 Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa.
於是撒母耳轉身跟隨掃羅回去,掃羅就敬拜耶和華。
32 Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”
撒母耳說:「要把亞瑪力王亞甲帶到我這裏來。」亞甲就歡歡喜喜地來到他面前,心裏說,死亡的苦難必定過去了。
33 Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal.
撒母耳說:「你既用刀使婦人喪子,這樣,你母親在婦人中也必喪子。」於是,撒母耳在吉甲耶和華面前將亞甲殺死。
34 Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea.
撒母耳回了拉瑪。掃羅上他所住的基比亞,回自己的家去了。
35 Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.
撒母耳直到死的日子,再沒有見掃羅;但撒母耳為掃羅悲傷,是因耶和華後悔立他為以色列的王。