< Samuel 1 11 >

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”
و ناحاش عمونی برآمده، در برابر یابیش جلعاد اردو زد، و جمیع اهل یابیش به ناحاش گفتند: «با ما عهد ببند و تو را بندگی خواهیم نمود.»۱
2 Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!”
ناحاش عمونی به ایشان گفت: «به این شرط با شما عهد خواهم بست که چشمان راست جمیع شما کنده شود، و این را بر تمامی اسرائیل عار خواهم ساخت.»۲
3 Yabes ƒe ametsitsiwo ɖo eŋu be, “Na ŋkeke adre mí ne míadɔ ame aɖo ɖe Israelnyigba blibo la dzi. Ne mía nɔviwo mava kpe ɖe mía ŋu o la, ekama míalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖo la dzi.”
و مشایخ یابیش به وی گفتند: «ما را هفت روز مهلت بده تا رسولان به تمامی حدود اسرائیل بفرستیم، و اگر برای مارهاننده‌ای نباشد نزد تو بیرون خواهیم آمد.»۳
4 Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me.
پس رسولان به جبعه شاول آمده، این سخنان رابه گوش قوم رسانیدند، و تمامی قوم آواز خود رابلند کرده، گریستند.۴
5 Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ.
و اینک شاول در عقب گاوان از صحرامی آمد، و شاول گفت: «قوم را چه شده است که می‌گریند؟» پس سخنان مردان یابیش را به او بازگفتند.۵
6 Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie.
و چون شاول این سخنان را شنید روح خدا بر وی مستولی گشته، خشمش به شدت افروخته شد.۶
7 Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ.
پس یک جفت گاو را گرفته، آنهارا پاره پاره نمود و به‌دست قاصدان به تمامی حدود اسرائیل فرستاده، گفت: «هر‌که در عقب شاول و سموئیل بیرون نیاید، به گاوان او چنین کرده شود.» آنگاه ترس خداوند بر قوم افتاد که مثل مرد واحد بیرون آمدند.۷
8 Saul xlẽ wo le Bezek eye Israelviwo le ame akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe ame akpe blaetɔ̃ siwo tso Yuda la ŋu.
و ایشان را در بازق شمرد و بنی‌اسرائیل سیصد هزار نفر و مردان یهودا سی هزار بودند.۸
9 Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia.
پس به رسولانی که آمده بودند گفتند: «به مردمان یابیش جلعاد چنین گویید: فردا وقتی که آفتاب گرم شود برای شماخلاصی خواهد شد.» و رسولان آمده، به اهل یابیش خبر دادند، پس ایشان شاد شدند.۹
10 Ale Yabestɔwo gblɔ na woƒe futɔwo be, “Míava mia gbɔ etsɔ eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la mí.”
ومردان یابیش گفتند: «فردا نزد شما بیرون خواهیم آمد تا هرچه در نظرتان پسند آید به ما بکنید.»۱۰
11 Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o.
و در فردای آن روز شاول قوم را به سه فرقه تقسیم نمود و ایشان در پاس صبح به میان لشکرگاه آمده، عمونیان را تا گرم شدن آفتاب می‌زدند، و باقی ماندگان پراکنده شدند به حدی که دو نفر از ایشان در یک جا نماندند.۱۱
12 Ameawo bia Samuel kple ɣli be, “Afi ka ame siwo be Saul manyo na mí o la le? Mikplɔ wo va afi sia ne míawu wo!”
و قوم به سموئیل گفتند: «کیست که گفته است! آیا شاول بر ما سلطنت نماید؟ آن کسان رابیاورید تا ایشان را بکشیم.»۱۲
13 Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!”
اما شاول گفت: «کسی‌امروز کشته نخواهد شد زیرا که خداوندامروز در اسرائیل نجات به عمل آورده است.»۱۳
14 Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.”
و سموئیل به قوم گفت: «بیایید تا به جلجال برویم و سلطنت را در آنجا از سر نو برقرار کنیم.»۱۴
15 Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.
پس تمامی قوم به جلجال رفتند، و آنجا درجلجال، شاول را به حضور خداوند پادشاه ساختند، و در آنجا ذبایح سلامتی به حضورخداوند ذبح نموده، شاول و تمامی مردمان اسرائیل در آنجا شادی عظیم نمودند.۱۵

< Samuel 1 11 >