< Samuel 1 10 >

1 Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?
Then Samuel took the vial of oil and poured it on his head, then kissed him and said, “Has not the LORD anointed you to be prince over his inheritance?
2 Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?”’
When you have departed from me today, then you will find two men by Rachel’s tomb, on the border of Benjamin at Zelzah. They will tell you, ‘The donkeys which you went to look for have been found; and behold, your father has stopped caring about the donkeys and is anxious for you, saying, “What shall I do for my son?”’
3 “Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si.
“Then you will go on forward from there, and you will come to the oak of Tabor. Three men will meet you there going up to God to Bethel: one carrying three young goats, and another carrying three loaves of bread, and another carrying a container of wine.
4 Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo.
They will greet you and give you two loaves of bread, which you shall receive from their hand.
5 “Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi.
“After that you will come to the hill of God, where the garrison of the Philistines is; and it will happen, when you have come there to the city, that you will meet a band of prophets coming down from the high place with a lute, a tambourine, a pipe, and a harp before them; and they will be prophesying.
6 Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa.
Then the LORD’s Spirit will come mightily on you, then you will prophesy with them and will be turned into another man.
7 Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò.
Let it be, when these signs have come to you, that you do what is appropriate for the occasion; for God is with you.
8 Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.”
“Go down ahead of me to Gilgal; and behold, I will come down to you to offer burnt offerings and to sacrifice sacrifices of peace offerings. Wait seven days, until I come to you and show you what you are to do.”
9 Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu trɔ Saul ƒe dzi eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe.
It was so, that when he had turned his back to go from Samuel, God gave him another heart; and all those signs happened that day.
10 Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.
When they came there to the hill, behold, a band of prophets met him; and the Spirit of God came mightily on him, and he prophesied among them.
11 Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”
When all who knew him before saw that, behold, he prophesied with the prophets, then the people said to one another, “What is this that has come to the son of Kish? Is Saul also among the prophets?”
12 Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”
One from the same place answered, “Who is their father?” Therefore it became a proverb, “Is Saul also among the prophets?”
13 Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi.
When he had finished prophesying, he came to the high place.
14 Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?” Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.”
Saul’s uncle said to him and to his servant, “Where did you go?” He said, “To seek the donkeys. When we saw that they were not found, we came to Samuel.”
15 Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam.
Saul’s uncle said, “Please tell me what Samuel said to you.”
16 Saul ɖo eŋu be, “Eka ɖe edzi nam be, wokpɔ tedziawo.” Gake megblɔ nu si Samuel gblɔ tso fiaɖuɖu la ŋuti ya na fofoa nɔvia o.
Saul said to his uncle, “He told us plainly that the donkeys were found.” But concerning the matter of the kingdom, of which Samuel spoke, he did not tell him.
17 Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa,
Samuel called the people together to the LORD to Mizpah;
18 eye wògblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple dukɔ siwo katã nɔ fu wɔm mi la ƒe ŋusẽ me.
and he said to the children of Israel, “The LORD, the God of Israel, says ‘I brought Israel up out of Egypt and I delivered you out of the hand of the Egyptians, and out of the hand of all the kingdoms that oppressed you.’
19 Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”
But you have today rejected your God, who himself saves you out of all your calamities and your distresses; and you have said to him, ‘No! Set a king over us!’ Now therefore present yourselves before the LORD by your tribes and by your thousands.”
20 Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la.
So Samuel brought all the tribes of Israel near, and the tribe of Benjamin was chosen.
21 Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome.
He brought the tribe of Benjamin near by their families and the family of the Matrites was chosen. Then Saul the son of Kish was chosen; but when they looked for him, he could not be found.
22 Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”
Therefore they asked of the LORD further, “Is there yet a man to come here?” The LORD answered, “Behold, he has hidden himself among the baggage.”
23 Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta.
They ran and got him there. When he stood among the people, he was higher than any of the people from his shoulders and upward.
24 Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”
Samuel said to all the people, “Do you see him whom the LORD has chosen, that there is no one like him among all the people?” All the people shouted and said, “Long live the king!”
25 Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me.
Then Samuel told the people the regulations of the kingdom, and wrote it in a book and laid it up before the LORD. Samuel sent all the people away, every man to his house.
26 Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii.
Saul also went to his house in Gibeah; and the army went with him, whose hearts God had touched.
27 Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o.
But certain worthless fellows said, “How could this man save us?” They despised him, and brought him no tribute. But he held his peace.

< Samuel 1 10 >