< Petro 1 5 >

1 Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be
The elders among you I exhort, who am a fellow-elder, and a witness of the sufferings of Christ, who am also a sharer in the glory that is to be revealed;
2 mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui,
tend the flock of God which is among you, overseeing it, not by constraint, but willingly; not for base gain, but with ready mind;
3 be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la.
not as lording it over your allotted charge, but being examples to the flock;
4 Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
and when the chief Shepherd shall appear, ye will receive the crown of glory that fadeth not away.
5 Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”
In like manner, ye younger men, submit yourselves to the elder; and all of you be clothed with humility toward each other; for “God resisteth the proud, but giveth grace to the humble.”
6 Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi.
Humble yourselves therefore under the mighty hand of God, that he may exalt you in due time;
7 Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.
casting all your care upon him, because he careth for you.
8 Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene.
Be sober, be watchful. Your adversary the Devil, as a roaring lion, walketh about, seeking whom he may devour;
9 Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
whom resist, steadfast in the faith, knowing that the same sufferings are being accomplished in your brethren in the world.
10 Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi. (aiōnios g166)
But the God of all grace, who called you to his everlasting glory in Christ Jesus, will, after ye have suffered a while, himself make you perfect, establish, strengthen, settle you. (aiōnios g166)
11 Eya tɔ nanye ŋusẽ tso mavɔ me, yi mavɔ me. Amen. (aiōn g165)
To him be the dominion for ever. Amen. (aiōn g165)
12 Meŋlɔ nu kpui sia ɖo ɖe mi to nɔvi Silvano, ame si mebu nɔvi nuteƒewɔla la ƒe kpekpeɖeŋu me, le ŋusẽ dom mi kple ɖaseɖiɖi be esiae nye Mawu ƒe amenuveve nyateƒetɔ la. Minɔ te sesĩe le eme.
By Silvanus, the faithful brother as I think, I have written to you in few words, exhorting, and testifying that this is the true grace of God wherein ye stand.
13 Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie.
The church in Babylon, chosen with you, saluteth you; and Mark, my son.
14 Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene. Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.
Salute one another with a kiss of love. Peace to you all that are in Christ.

< Petro 1 5 >