< Petro 1 4 >

1 Eya ta esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ,
그리스도께서 이미 육체에 고난을 받으셨으니 너희도 같은 마음으로 갑옷을 삼으라 이는 육체의 고난을 받은 자가 죄를 그쳤음이니
2 Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.
그 후로는 다시 사람의 정욕을 좇지 않고 오직 하나님의 뜻을 좇아 육체의 남은 때를 살게 하려 함이라
3 Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ.
너희가 음란과 정욕과 술취함과 방탕과 연락과 무법한 우상 숭배를 하여 이방인의 뜻을 좇아 행한 것이 지나간 때가 족하도다
4 Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli kɔ dzu ɖe mia dzi gleglegle.
이러므로 너희가 저희와 함께 그런 극한 방탕에 달음질하지 아니하는 것을 저희가 이상히 여겨 비방하나
5 Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo.
저희가 산 자와 죽은 자 심판하기를 예비하신 자에게 직고하리라
6 Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.
이를 위하여 죽은 자들에게도 복음이 전파되었으니 이는 육체로는 사람처럼 심판을 받으나 영으로는 하나님처럼 살게 하려 함이니라
7 Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.
만물의 마지막이 가까왔으니 그러므로 너희는 정신을 차리고 근신하여 기도하라
8 Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
무엇보다도 열심으로 서로 사랑할지니 사랑은 허다한 죄를 덮느니라
9 Mixɔ mia nɔewo ɖe miaƒe aƒewo me liʋĩliʋĩlilĩmanɔmee.
서로 대접하기를 원망 없이 하고
10 Mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe; abe subɔvi nyuiwo ene la, mima Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu.
각각 은사를 받은 대로 하나님의 각양 은혜를 맡은 선한 청지기같이 서로 봉사하라
11 Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔ nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nae la katã, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. (aiōn g165)
만일 누가 말하려면 하나님의 말씀을 하는 것같이 하고 누가 봉사하려면 하나님의 공급하시는 힘으로 하는 것같이 하라 이는 범사에 예수 그리스도로 말미암아 하나님이 영광을 받으시게 하려 함이니 그에게 영광과 권능이 세세에 무궁토록 있느니라 아멘 (aiōn g165)
12 Nɔvi veviwo, migana fuwɔame ƒe dodokpɔ si me tom miele la nawɔ nuku na mi abe nane si medzɔ kpɔ o lae le mia dzi vam ene o.
사랑하는 자들아 너희를 시련하려고 오는 불시험을 이상한 일 당하는 것같이 이상히 여기지 말고
13 Ke mikpɔ dzidzɔ be mienye fukpekpe siwo me Kristo to la ƒe gomekpɔlawo, ale be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nagbã go ne wòɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia.
오직 너희가 그리스도의 고난에 참예하는 것으로 즐거워하라 이는 그의 영광을 나타내실 때에 너희로 즐거워하고 기뻐하게 하려함이라
14 Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ si nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi.
너희가 그리스도의 이름으로 욕을 받으면 복 있는 자로다 영광의 영 곧 하나님의 영이 너희 위에 계심이라
15 Ne miekpe fu la, migakpee abe hlɔ̃dola, fiafitɔ alo nu tovo wɔla aɖe loo, alo ame si dea nu ame bubuwo ƒe nya me la ene o.
16 Gake ne mia dometɔ aɖe akpe fu, elabena enye kristotɔ la, ŋu megakpee o, ke boŋ neda akpe na Mawu be woyɔ ŋkɔ sia ɖe eŋu.
17 Elabena ɣeyiɣi de be ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze egɔme tso Mawu ƒe ƒomea me; ke ne edze gɔme tso mía dzi la, ekema aleke woahanɔ na ame siwo meɖo to Mawu ƒe nyanyui la o?
18 Eye, “Nenye be bebli hafi ame dzɔdzɔe nakpɔ ɖeɖe la, ekema aleke wòanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”
19 Eya ta ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la netsɔ wo ɖokuiwo de asi na wo Wɔla nuteƒetɔwɔla la, eye woayi nu nyui wɔwɔ dzi.

< Petro 1 4 >