< Petro 1 3 >
1 Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe,
Et vous, femmes, soyez, de même, soumises, chacune à votre mari, afin que ceux d'entre eux qui seraient rebelles à la parole soient gagnés, en dehors de la parole,
2 ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me.
par la conduite de leurs femmes, considérant que cette conduite est chaste et réservée.
3 Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o,
Cherchez non la parure du dehors, qui consiste à s'entrelacer les cheveux avec art, à porter des bijoux d'or, à mettre de riches vêtements,
4 ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.
mais la beauté cachée du coeur, le charme impérissable d'un esprit doux et tranquille; voilà la vraie richesse devant Dieu.
5 Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo nɔ anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo
Tel était l'ornement des saintes femmes d'autrefois, espérant en Dieu, soumises chacune à son mari,
6 abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe mɔ na vɔvɔ̃ o.
Sarra, par exemple, qui obéissait à Abraham et l'appelait son Seigneur, Sarra, dont vous êtes devenus les enfants en faisant le bien sans crainte, sans aucune appréhension.
7 Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Et vous, maris, de votre côté, traitez vos femmes comme un être plus éclairé doit traiter un être plus faible; ayez pour elles des égards comme pour des cohéritières de la grâce de vie, afin que vos prières ne soient pas troublées.
8 Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui.
Enfin, ne soyez tous qu'un coeur et qu'une âme, fraternels, compatissants, humbles,
9 Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome.
ne rendant pas le mal pour le mal, l'outrage pour l'outrage, au contraire bénissant, car, pour hériter d'une bénédiction, vous avez été appelés à bénir.
10 Elabena, “Ame si lɔ̃ agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkekenyuiwo la, nelé eƒe aɖe be magblɔ nya vɔ̃ aɖeke o, kple eƒe nu, be magblɔ beblenya aɖeke o.
Et en effet: «Que celui qui veut aimer la vie Et voir des jours heureux Garde sa langue du mal Et ses lèvres du mensonge,
11 Ele nɛ be wòaɖe asi le vɔ̃ ŋu, awɔ nyui, eye wòadi ŋutifafa, ati eyome.
Qu'il se détourne du mal et fasse le bien, Qu'il aspire à la paix, qu'il la recherche;
12 Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu, ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.”
Parce que le Seigneur a les yeux sur les justes Et ses oreilles sont attentives à leurs prières, Mais la face du Seigneur regarde ceux qui font le mal.»
13 Ame kae awɔ nu vevi mi, ne mietsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu?
Et puis, qui peut vous faire du mal, si vous vous appliquez à faire le bien?
14 Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.”
Si même il vous arrivait de souffrir pour la justice, soyez-en heureux! «Seulement n'ayez d'eux aucune espèce de crainte Et ne vous laissez pas troubler; »
15 Ke le miaƒe dziwo me la, mina nɔƒe tɔxɛ Kristo abe Aƒetɔ kɔkɔe ene. Minɔ klalo ɣe sia ɣi be miaɖo nya ŋu na ame sia ame si abia mi be miagblɔ nu si ta mɔkpɔkpɔ sia le mia si ɖo.
mais «craignez saintement» dans vos coeurs Christ «le Seigneur». Ayez une apologie toujours prête pour ceux qui vous demandent compte de vos espérances, mais faites-la avec douceur et modestie,
16 Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta.
forts de votre bonne conscience, afin que ceux qui diffament votre bonne conduite en Christ aient à rougir de leurs calomnies;
17 Ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enyo be woakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta wu ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ta,
car il vaut mieux souffrir en faisant le bien (si telle est la volonté de Dieu) qu'en faisant le mal.
18 elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,
Christ aussi a souffert pour les péchés une fois pour toutes — un juste pour des injustes! — afin de nous amener à Dieu, ayant été mis à mort quant à la chair, étant revenu à la vie quant à l'Esprit.
19 Eto edzi yi ɖagblɔ mawunya na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me,
Étant Esprit, il est allé prêcher aux esprits en prison,
20 ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me.
qui ont été rebelles autrefois, du temps où Noé construisait l'arche lorsque Dieu prolongeait sa patience. Dans cette arche, peu de personnes, huit seulement, furent sauvées et ce fut à travers l'eau;
21 Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,
or cette eau vous sauve, vous aussi, sous la forme du baptême, qui en est l'image correspondante (je n'entends pas par baptême une simple ablution débarrassant le corps de ses souillures, mais l'alliance qu'une bonne conscience fait avec Dieu); ce baptême-là vous sauve par la résurrection de Jésus-Christ,
22 ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
qui est à la droite de Dieu, depuis qu'il est monté au ciel et qu'il s'est soumis anges, puissances et dominations.