< Petro 1 2 >

1 Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema kee nye alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe hã.
Therefore put away all malice, all deceit, insincerity, jealousy, and slander of every sort.
2 Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me
Like new-born babes long for the pure spiritual milk to make you grow up into salvation;
3 azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.
since you have tasted that the Lord is gracious.
4 Kristo gbɔe mieva, ame si nye Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe dzogoedzikpe gbagbe. Amewo gbee, gake Mawu tiae hede bubu gã aɖe eŋu.
Come to him then, that living Stone, rejected indeed by men, but chosen by God, and precious.
5 Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi.
And yourselves like living stones be built into a spiritual house, to be a holy priesthood offering spiritual sacrifices, acceptable to God, through Christ Jesus.
6 Elabena wogblɔ le mawunya me be, “Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion, dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu, ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la, ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.”
For, as Scripture says. Behold, I lay in Zion a chief corner-stone, elect, precious, And he who believes on Him shall never be put to shame.
7 Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la, “Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe,”
For you, then, that believe, is the preciousness; but for those who do not believe, A stone which the builders rejected, The same has become the head stone of the corner,
8 kpe, “Si nana amewo klia nu, eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,” Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.
and, A stone of stumbling, and a rock of offense. They stumble over it because they are disobeying God’s word, and to this they were also appointed.
9 Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.
But you are an elect race, a royal priesthood, a holy nation, a purchased people, that you may show forth the virtues of Him who has called you out of darkness into his marvelous light -
10 Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.
you who once were not a people, but now are the people of God; who were once without mercy, but now you have found mercy.
11 Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ.
I beseech you, beloved, as pilgrims and exiles, to abstain from passions of the flesh that war upon your souls.
12 Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.
Let your manner of life before the Gentiles be honest; so that, although they are now slandering you as evil-doers, they may, by beholding your noble conduct, come to glorify God, in the day of visitation.
13 Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene,
Submit yourselves, for the Lord’s sake, to every human authority; whether it be to the Emperor as supreme ruler,
14 alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o.
or to governors as sent by him for the punishment of evil-doers and for the encouragement of well-doers.
15 Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu.
For it is the will of God that by well-doing you should silence the ignorant talk of foolish men.
16 Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene.
Live like free men; and yet do not make your freedom a cloak for misconduct, but be the slaves of God.
17 Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.
Honor all men. Love the brotherhood. Reverence God. Honor the Emperor.
18 Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã.
Household slaves, submit yourselves to your masters in all reverence; not only to the kind and gentle, but also to the unreasonable.
19 Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta.
For it is an acceptable thing to God, if from a sense of duty to him, a man endures a wrong, even suffering unjustly.
20 Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ.
For what credit is it if, when you are struck for a fault, you take it patiently? But if when you are doing well and suffer for it, you always take it patiently, this is acceptable with God.
21 Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.
For this is your calling; because Christ also suffered for you, leaving you an example, so that you should follow in his footsteps;
22 “Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”
He committed no sin, Neither was guile found in his mouth.
23 Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.
He was reviled, and reviled not back. When he suffered he never threatened but always committed his cause to the One who judges rightly.
24 Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.
He bore our sins in his own body upon the tree, in order that we might become dead to sins, and be alive unto righteousness. By his wounds you have been healed.
25 Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.
For you were straying like lost sheep, but you are now returned to the Shepherd and Guardian of your souls.

< Petro 1 2 >