< Petro 1 1 >
1 Nye, Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame tiatia siwo nye amedzrowo le xexea me, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me,
Peter, an apostle of Jesus Christ, to the chosen who are sojourners of the Dispersion of Pontus, Galatia, Cappadocia, Asia, and Bithynia,
2 ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
chosen according to the foreknowledge of God the Father, in sanctification of Spirit, for obedience and sprinkling of the blood of Jesus Christ: Grace to you, and peace be multiplied.
3 Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta wòna gbugbɔdzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me, to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me.
Blessed is the God and Father of our Lord Jesus Christ, who begot us again according to his abundant mercy for a living hope by the resurrection of Jesus Christ from the dead,
4 Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xɛ alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi,
for an inheritance imperishable, and undefiled, and unfading, reserved in heavens for you,
5 ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia.
men being kept by the power of God through faith for a salvation ready to be revealed in the last time.
6 Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta.
In which ye greatly rejoice, although made sorrowful in various trials. Since it is now necessary for a little while,
7 Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia.
so that the proof of your faith, much more precious than gold that perishes, and though proven by fire, may be found for praise and esteem and for glory at the revealing of Jesus Christ.
8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu,
Whom, not having seen, ye love, in whom, not now seeing but believing, ye exult in inexpressible and glorified joy,
9 elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.
receiving back the outcome of your faith, the salvation of souls.
10 Ɖeɖe sia tae Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nu gɔme vevie kple beléle tɔxɛ,
About which salvation the prophets sought and searched diligently. Men who prophesied about the grace for you,
11 hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti.
searching for what, or what kind of time the Spirit of Christ in them indicated, predicting the sufferings in Christ, and the glories after these things.
12 Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti, to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖo ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ nu siawo.
To whom it was revealed, that they were serving not themselves, but you, those things that were now reported to you by those who preached good news to you in the Holy Spirit, which was sent forth from heaven, into which things agents longed to stoop to see.
13 Eya ta midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi.
Therefore having girded up the loins of your mind, being sober, hope entirely for the grace brought to you at the revealing of Jesus Christ.
14 Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o,
As children of obedience, not fashioning yourselves to the former desires in your ignorance,
15 ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me,
but according to the Holy Man, he who called you, ye yourselves also become holy in all conduct,
16 elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe.”
because it is written, Become ye holy, since I am holy.
17 Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me.
And if ye call on a Father, him who judges impartially according to each man's work, live the time of your sojourn in fear.
18 Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o,
Knowing that ye were redeemed from your vain behavior inherited from fathers, not with perishable silver or gold,
19 ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.
but by precious blood, as of a lamb unblemished and unspotted-of Christ,
20 Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta.
who was indeed foreknown before the foundation of the world, but was manifested in the last times because of you:
21 To eya amea dzi la, miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me.
men who, because of him, believe in God who raised him from the dead, and gave him glory, in order for your faith and hope to be in God;
22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.
men who have purified your souls in obedience of the truth through the Spirit for non-hypocritical brotherly love. Ye should love each other fervently from a pure heart,
23 Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. (aiōn )
begotten again, not of corruptible seed, but of incorruptible, through the word of God that lives and remains into the age. (aiōn )
24 Elabena, “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene, gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,
Because all flesh is as grass, and all the glory of man as a flower of grass. The grass withers, and the flower of it falls away,
25 ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.” Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la. (aiōn )
but the word of the Lord endures into the age. And this is the word, the good news that was preached to you. (aiōn )