< Fiawo 1 1 >

1 Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.
King David had grown old and couldn't keep warm in bed however many blankets they used to cover him.
2 Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.”
So his officials suggested, “Let a search be made on behalf of Your Majesty for a young virgin to serve you and look after you. She can lie next to you and keep you warm.”
3 Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba blibo la dzi, wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la eye wokplɔe vɛ na fia la.
So they searched the whole country of Israel for a beautiful young woman and found Abishag from the town of Shunem and took her to the king.
4 Nyɔnuvia dze tugbe ŋutɔ. Elé be na fia la eye wòsubɔe gake fia la medɔ kplii o.
She was very beautiful, and she looked after the king, attending to his needs, but he did not have sex with her.
5 Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui.
Adonijah, son of Haggith, was busy promoting himself, saying “I'm going to be king!” He arranged chariots and horsemen for himself, and fifty men to run ahead of him.
6 Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome.
(Never in his life had his father corrected him. He'd never asked him, “Why did you do that?” He was also very good-looking, and had been born after Absalom.)
7 Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia.
Adonijah discussed his plan with Joab, son of Zeruiah, and with Abiathar the priest, who agreed to support him.
8 Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo.
But Zadok the priest, Benaiah, son of Jehoiada, Nathan the prophet, Shimei, Rei, and David's bodyguard were not on Adonijah's side.
9 Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe.
Adonijah invited all his brothers, the king's sons, and the king's officials of Judah, to come to the stone of Zoheleth, which is near En-rogel, where he sacrificed sheep, cattle and fattened calves.
10 Ke mekpe Nyagblɔɖila Natan kple Benaya kple aʋafia siwo le David dzi kple nɔvia ŋutsu, Solomo ya o.
But he didn't invite Nathan the prophet, Benaiah, David's bodyguard, or his brother Solomon.
11 Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa?
Nathan went to Bathsheba, Solomon's mother, and asked her, “Haven't you heard that Adonijah, son of Haggith, has become king, and His Majesty King David doesn't even know?
12 Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ.
Let me give you some advice so you can save your life, and that of your son Solomon.
13 Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’
Go immediately to King David and ask him, ‘Didn't Your Majesty swear to me, your servant, saying, Your son Solomon will definitely be king after me and will sit on my throne? So why is Adonijah saying he's king?’
14 Ne èle nu ƒom kplii ko la, mava ɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi.”
Then I'll come in while you're still there talking with the king and I'll confirm what you're saying.”
15 Ale Batseba yi fia la ƒe xɔ gã me. Fia la tsi ŋutɔ azɔ eye Abisag nɔ esubɔm.
So Bathsheba went to see the king in his bedroom. He was very old and Abishag was looking after him.
16 Batseba bɔbɔ hede ta agu ɖe fia la ŋkume. Fia la biae be, “Nu kae hiã wò?”
Bathsheba bowed low in respect. He asked her, “What is it that you want?”
17 Eɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔe ka atam na nye, wò dɔla, le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ me be, ‘Viwò Solomo aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi.’
She replied, “Your Majesty, you swore to me, your servant, by the Lord your God, ‘Your son Solomon will definitely be king after me and will sit on my throne.’
18 Ke Adoniya boŋ va zu fia fifia eye wò, nye aƒetɔ, fia la, mènya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o.
But now Adonijah has become king and Your Majesty doesn't even know.
19 Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o.
He has sacrificed plenty of cattle, fattened calves, and sheep, and he has invited all the king's sons, Abiathar the priest, and Joab the army commander. But he didn't invite your servant Solomon.
20 Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome.
Now, Your Majesty, everyone in Israel is watching to see who you're going to say will be the next king.
21 Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”
If you don't do anything, as soon as Your Majesty dies, I and my son Solomon will be considered traitors…”
22 Esi wòganɔ nu ƒom kple fia la ko la, Nyagblɔɖila Natan va do.
Right then, while she was still speaking with the king, Nathan the prophet arrived.
23 Wogblɔ na fia la bena, “Nyagblɔɖila Natan le diwòm.” Ale wòdo ɖe fia la gbɔ eye wòde ta agu nɛ.
The king was told, “Nathan the prophet is here.” Nathan went in to see the king. He bowed down with his face to the ground.
24 Natan gblɔ be, “Ɖe wò, nye aƒetɔ, fia ɖe gbeƒã be Adoniya aɖu fia ɖe tewòƒe eye be wòanɔ wò fiazikpui dzia?
Nathan asked the king, “Your Majesty, you must have announced, ‘Adonijah will be king after me and will sit on my throne.’
25 Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’
For today he has gone and sacrificed many cattle, fattened calves, and sheep, and he has invited all the king's sons, the army commanders, and Abiathar the priest. Right now they are eating and drinking with him, shouting, ‘Long live King Adonijah!’
26 Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o.
But he didn't invite me, your servant, or Zadok the priest, or Benaiah, son of Jehoiada, or your son Solomon.
27 Ɖe esia nye nane si nye aƒetɔ, fia la wɔ, ke mena eƒe dɔlawo nya ame si anɔ nye aƒetɔ ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eteƒe oa?”
If Your Majesty did this, you certainly didn't inform your officials as to who is meant to sit on your throne as the next king.”
28 Fia la gblɔ be, “Miyɔ Batseba nam!” Ale Batseba gbugbɔ va xɔ la me eye wòtsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
King David replied, “Call Bathsheba for me.” Bathsheba came in and stood before the king.
29 Tete fia la ka atam be, “Esi Yehowa, ame si ɖem tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me le agbe la,
The king swore a vow, saying, “As the Lord lives, who has saved me from all kinds of trouble, just as I swore to you previously by the Lord the God of Israel,
30 meka atam bena viwò Solomoe aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi abe ale si meka atam na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume kpɔ ene.”
telling you Solomon your son will be the next king and he will sit on my throne instead of me—I swear I will do this today.”
31 Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!”
Bathsheba bowed with her face to the ground, honoring the king and said, “May Your Majesty King David live forever.”
32 Fia David ɖe gbe be, “Miyɔ Zadok, nunɔla la kple Natan, nyagblɔɖila la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi, ɖa!” Esi wova la,
Then King David said, “Call for me Zadok the priest, Nathan the prophet, and Benaiah, son of Jehoiada.” When they arrived,
33 egblɔ na wo be, “Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔlawo, nàtsɔ vinye Solomo ɖo nye ŋutɔ nye tedzi dzi eye nàkplɔe yi Gihon.
the king told them, “Take the king's officials with you, and have them put Solomon on my own mule and lead him down to the Gihon Spring.
34 Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’
There have Zadok the priest and Nathan the prophet anoint him king of Israel. Blow the trumpet and shout out, ‘Long live King Solomon!’
35 Ne miekplɔe gbɔ va ɖo afi sia la, mina wòanɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi abe fia yeye la ene elabena metiae be wòanye fia na Israel kple Yuda.”
Then follow him back up, and have him come and sit on my throne. He is to be king instead of me. I am placing him in charge as ruler of Israel and Judah.”
36 Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi.
“Amen!” replied Benaiah, son of Jehoiada. “May the Lord, the God of my lord the king, confirm this!
37 Yehowa nanɔ kple Solomo abe ale si wònɔ kple wò ene eye Mawu nana Solomo ƒe fiaɖuɖu nadze edzi wu wò ŋutɔ tɔ gɔ̃ hã!”
In the same way the Lord was with my lord the king may he be with Solomon, and may he make his reign even greater than the reign of my lord King David.”
38 Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ.
Zadok the priest, Nathan the prophet, and Benaiah, son of Jehoiada, together with the Cherethites and Pelethites, went and placed Solomon on King David's mule, and led him down to the Gihon Spring.
39 Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”
Zadok the priest took the horn containing olive oil from the Tent and anointed Solomon. Then they blew the trumpet, and all the people shouted, “Long live King Solomon!”
40 Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi.
Everyone followed him, playing flutes and celebrating so happily that the sound shook the earth.
41 Adoniya kple eƒe ame kpekpewo se dzidzɔɣli la esime wonɔ woƒe nuɖuɖu kple nunono la nu wum. Yoab bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ta ɣli le ɖiɖim bobobo ale le dua me?”
Adonijah and all his guests heard the noise as they were finishing eating. When Joab heard the sound of the trumpet, he asked, “What's all this noise coming from the city?”
42 Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”
While he was speaking, Jonathan, son of Abiathar the priest, suddenly arrived. “Come on in,” said Adonijah. “A good man like you must be bringing good news.”
43 Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae.
“Absolutely not!” Jonathan replied. “Our lord King David has made Solomon king!
44 Fia la ɖoe ɖa kple nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya, Yehoiada ƒe vi, Keretitɔwo kple Peletitɔwo eye wodae ɖe fia ƒe tedzisɔ dzi.
He sent Solomon to be anointed with Zadok the priest, Nathan the prophet, and Benaiah, son of Jehoiada, and the Cherethites and the Pelethites. They had him ride on the king's mule.
45 Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele.
Zadok the priest and Nathan the prophet anointed him king at the Gihon Spring. Now they have returned, celebrating with shouts that echo round the city. That's the noise you're hearing.
46 Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.
On top of that, Solomon is sitting on the royal throne,
47 Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu
and the royal officials have also gone to voice their approval to our lord King David, saying, ‘May your God make Solomon's reputation even more famous than your own, and may he make his reign greater than your reign.’ The king on his bed bowed his head,
48 eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’”
and said, ‘Praise the Lord, the God of Israel! Today he has provided a successor to sit on my throne, and I have been privileged to see it.’”
49 Vɔvɔ̃ ɖo Adoniya ƒe ame kpekpewo katã eye wokaka gbẽe.
When all of the guests who were supporting Adonijah heard this they shook with fear. They got up and rushed out in different directions.
50 Ke Adoniya ƒe vɔvɔ̃ na Solomo na wòyi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi.
Adonijah was terrified of Solomon, so he ran off. He went and grabbed hold of the horns of the altar.
51 Wogblɔ na Solomo be, “Adoniya le vɔvɔ̃m na Fia Solomo eye wòle sitsoƒe dim le agbadɔ la me. Adoniya gblɔ be, ‘Mina Fia Solomo naka atam nam egbe be yematsɔ yi awu eƒe subɔla o.’”
Solomon was told, “Adonijah is terrified of Your Majesty. He has grabbed hold of the horns of the altar, saying, ‘Let King Solomon swear today that he won't kill me, his servant!’”
52 Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.”
Solomon replied, “If he is an honorable man, not one hair of his will fall to the ground. But if he shows himself to be evil, he will die.”
53 Ale Fia Solomo na woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpui la gbɔ vɛ. Esi wòva ɖo la, ebɔbɔ, de ta agu le fia la ŋkume. Solomo gblɔ nɛ kpuie ko be, “Yi wò aƒe me!”
King Solomon had Adonijah brought down from the altar, and he came and bowed down before King Solomon, who told him, “Go home.”

< Fiawo 1 1 >