< Fiawo 1 7 >

1 Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu xɔ ƒe wuietɔ̃.
所羅門為自己建造宮室,十三年方才造成;
2 Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi.
又建造黎巴嫩林宮,長一百肘,寬五十肘,高三十肘,有香柏木柱三行,柱上有香柏木柁樑。
3 Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo nɔ sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ nɔ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me.
其上以香柏木為蓋,每行柱子十五根,共有四十五根。
4 Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ nɔ axa ɖeka, etɔ̃ hã nɔ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
有窗戶三層,窗與窗相對。
5 Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
所有的門框都是厚木見方的,有窗戶三層,窗與窗相對。
6 Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi.
並建造有柱子的廊子,長五十肘,寬三十肘;在這廊前又有廊子,廊外有柱子和臺階。
7 Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo.
又建造一廊,其中設立審判的座位,這廊從地到頂都用香柏木遮蔽。
8 Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka.
廊後院內有所羅門住的宮室;工作與這工作相同。所羅門又為所娶法老的女兒建造一宮,做法與這廊子一樣。
9 Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa.
建造這一切所用的石頭都是寶貴的,是按着尺寸鑿成的,是用鋸裏外鋸齊的;從根基直到檐石,從外頭直到大院,都是如此。
10 Woɖo xɔ la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo hã etɔ̃ kple afã.
根基是寶貴的大石頭,有長十肘的,有長八肘的;
11 Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi.
上面有香柏木和按着尺寸鑿成寶貴的石頭。
12 Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene.
大院周圍有鑿成的石頭三層、香柏木一層,都照耶和華殿的內院和殿廊的樣式。
13 Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava.
所羅門王差遣人往泰爾去,將戶蘭召了來。
14 Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ.
他是拿弗他利支派中一個寡婦的兒子,他父親是泰爾人,作銅匠的。戶蘭滿有智慧、聰明、技能,善於各樣銅作。他來到所羅門王那裏,做王一切所要做的。
15 Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe kɔ mita enyi kple nu sue aɖe.
他製造兩根銅柱,每根高十八肘,圍十二肘;
16 Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã.
又用銅鑄了兩個柱頂安在柱上,各高五肘。
17 Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame.
柱頂上有裝修的網子和擰成的鍊索,每頂七個。
18 Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe.
網子周圍有兩行石榴遮蓋柱頂,兩個柱頂都是如此。
19 Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe kɔ mita eve.
廊子的柱頂徑四肘,刻着百合花。
20 Wota seƒoƒo alafa eve ɖe agbaka eve me ƒo xlã tameɖonu siwo le sɔtiawo tame la dzi.
兩柱頂的鼓肚上挨着網子,各有兩行石榴環繞,兩行共有二百。
21 Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz.
他將兩根柱子立在殿廊前頭:右邊立一根,起名叫雅斤;左邊立一根,起名叫波阿斯。
22 Wotsɔ tameɖonu siwo wowɔ ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me la da ɖe sɔtiawo tame, ale wowu sɔtiawo ŋuti dɔwo nu.
在柱頂上刻着百合花。這樣,造柱子的工就完畢了。
23 Emegbe la, Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã.
他又鑄一個銅海,樣式是圓的,高五肘,徑十肘,圍三十肘。
24 Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu.
在海邊之下,周圍有野瓜的樣式;每肘十瓜,共有兩行,是鑄海的時候鑄上的。
25 Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina.
有十二隻銅牛馱海:三隻向北,三隻向西,三隻向南,三隻向東;海在牛上,牛尾都向內。
26 Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene.
海厚一掌,邊如杯邊,又如百合花,可容二千罷特。
27 Etsɔ akɔbli wɔ nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo nɔ ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã.
他用銅製造十個盆座,每座長四肘,寬四肘,高三肘。
28 Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi.
座的造法是這樣:四面都有心子,心子在邊子當中,
29 Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa.
心子上有獅子和牛,並基路伯;邊上有小座,獅子和牛以下有垂下的瓔珞。
30 Hiram tsɔ akɔbli wɔ tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo nɔ dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
每盆座有四個銅輪和銅軸。小座的四角上在盆以下,有鑄成的盆架,其旁都有瓔珞。
31 Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme.
小座高一肘,口是圓的,彷彿座的樣式,徑一肘半,在口上有雕工,心子是方的,不是圓的。
32 Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae.
四個輪子在心子以下,輪軸與座相連,每輪高一肘半。
33 Woƒe afɔwo le abe tasiaɖam ƒe afɔwo ene. Wotsɔ akɔbli wɔ tasiaɖam la ƒe akpa ɖe sia ɖe.
輪的樣式如同車輪;軸、輞、輻、轂都是鑄的。
34 Wotsɔ akɔbli wɔ sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me.
每座四角上都有盆架,是與座一同鑄成的。
35 Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu.
座上有圓架,高半肘;座上有撐子和心子,是與座一同鑄的。
36 Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si mɔ nɔ la ko.
在撐子和心子上刻着基路伯、獅子,和棕樹,周圍有瓔珞。
37 Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi.
十個盆座都是這樣,鑄法、尺寸、樣式相同。
38 Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi.
又用銅製造十個盆,每盆可容四十罷特。盆徑四肘,在那十座上,每座安設一盆。
39 Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu hã ɖe eƒe anyiehe. Zɔ la nɔ dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime.
五個安在殿門的右邊,五個放在殿門的左邊;又將海放在殿門的右旁,就是南邊。
40 Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo ɖo nɛ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo:
戶蘭又造了盆、鏟子,和盤子。這樣,他為所羅門王做完了耶和華殿的一切工。
41 Sɔti eve; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame.
所造的就是:兩根柱子和柱上兩個如球的頂;並兩個蓋柱頂的網子;
42 Yevuboɖa alafa ene le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu;
和四百石榴,安在兩個網子上,每網兩行,蓋着兩個柱上如球的頂;
43 nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nɔ nunɔdziawo dzi;
十個座和其上的十個盆;
44 gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te;
海和海下的十二隻牛;
45 zewo, sofiwo kple trewo. Nu siawo katã Huram wɔ na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃.
盆、鏟子、盤子。這一切都是戶蘭給所羅門王用光亮的銅為耶和華的殿造成的,
46 Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome.
是遵王命在約旦平原、疏割和撒拉但中間藉膠泥鑄成的。
47 Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo sɔ gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o.
這一切所羅門都沒有過秤;因為甚多,銅的輕重也無法可查。
48 Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui, kplɔ̃ si dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo;
所羅門又造耶和華殿裏的金壇和陳設餅的金桌子;
49 akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ hã le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo, akaɖiwo kple ɖovulãnuwo.
內殿前的精金燈臺:右邊五個,左邊五個,並其上的金花、燈盞、蠟剪,
50 Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru.
與精金的杯、盤、鑷子、調羹、火鼎,以及至聖所、內殿的門樞,和外殿的門樞。
51 Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me.
所羅門王做完了耶和華殿的一切工,就把他父大衛分別為聖的金銀和器皿都帶來放在耶和華殿的府庫裏。

< Fiawo 1 7 >