< Fiawo 1 5 >

1 Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo.
泰爾王希蘭,平素愛大衛;他聽見以色列人膏所羅門,接續他父親作王,就差遣臣僕來見他。
2 Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:
所羅門也差遣人去見希蘭,說:
3 “Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.”
「你知道我父親大衛因四圍的爭戰,不能為耶和華-他上帝的名建殿,直等到耶和華使仇敵都服在他腳下。
4 Fia Solomo yi edzi be, “Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o,
現在耶和華-我的上帝使我四圍平安,沒有仇敵,沒有災禍。
5 eya ta mele ɖoɖo wɔm be matu gbedoxɔ na Yehowa, nye Mawu, abe ale si wòɖo na fofonye be nyee atui na ye ene. Yehowa gblɔ na fofonye be, ‘Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi lae atu gbedoxɔ nam.’
我定意要為耶和華-我上帝的名建殿,是照耶和華應許我父親大衛的話說:『我必使你兒子接續你坐你的位,他必為我的名建殿。』
6 “Meɖe kuku na wò be nàkpe ɖe ŋunye le dɔ sia wɔwɔ me. Ɖo wò atitsolawo ɖe Lebanon towo dzi be woatso sedatiwo nam. Maɖo nye amewo ɖa woawɔ dɔ kple tɔwòwo. Maxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la na wò amewo. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele Israel si ate ŋu adze ati abe Sidontɔwo ene o!”
所以求你吩咐你的僕人在黎巴嫩為我砍伐香柏木,我的僕人也必幫助他們,我必照你所定的,給你僕人的工價;因為你知道,在我們中間沒有人像西頓人善於砍伐樹木。」
7 Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.”
希蘭聽見所羅門的話,就甚喜悅,說:「今日應當稱頌耶和華;因他賜給大衛一個有智慧的兒子,治理這眾多的民。」
8 Egblɔ ɖo ɖe Solomo be, “Mese wò nyawo eye mawɔ nu si nèbia. Mate ŋu ana sedati kple sesewuti siaa wò hena xɔa tutu.
希蘭打發人去見所羅門,說:「你差遣人向我所提的那事,我都聽見了;論到香柏木和松木,我必照你的心願而行。
9 Nye amewo atsɔ atiawo tso Lebanon towo dzi ava da ɖe domeƒu la nu. Woakpe wo ale be míada wo ɖe atsiaƒua dzi, woato ƒugo la ŋu ayi afi si nàhiã wo le. Ekema míakaka wo atsɔ wo na wò ɖekaɖekae. Fetu si nàxe lae nye be nàdi nuɖuɖu na nye amewo.”
我的僕人必將這木料從黎巴嫩運到海裏,紮成筏子,浮海運到你所指定我的地方,在那裏拆開,你就可以收取;你也要成全我的心願,將食物給我的家。」
10 Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ
於是希蘭照着所羅門所要的,給他香柏木和松木;
11 eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe.
所羅門給希蘭麥子二萬歌珥,清油二十歌珥,作他家的食物。所羅門每年都是這樣給希蘭。
12 Ale Yehowa na nunya Solomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Hiram kple Solomo bla nu kple wo nɔewo hena ŋutifafa.
耶和華照着所應許的賜智慧給所羅門。希蘭與所羅門和好,彼此立約。
13 Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi.
所羅門王從以色列人中挑取服苦的人共有三萬,
14 Eɖoa ame akpe ewo ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram.
派他們輪流每月一萬人上黎巴嫩去;一個月在黎巴嫩,兩個月在家裏。亞多尼蘭掌管他們。
15 Dɔwɔla bubu akpe blaadre kple kpekpala akpe blaenyi hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi,
所羅門用七萬扛抬的,八萬在山上鑿石頭的。
16 hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ ŋu.
此外,所羅門用三千三百督工的,監管工人。
17 Kpekpalawo ku kpe gãwo le kpekuƒewo eye wokpa wo wozu gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpewo.
王下令,人就鑿出又大又寶貴的石頭來,用以立殿的根基。
18 Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me.
所羅門的匠人和希蘭的匠人,並迦巴勒人,都將石頭鑿好,預備木料和石頭建殿。

< Fiawo 1 5 >