< Fiawo 1 22 >
1 Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃.
And there passed three years without war between Syria and Israel.
2 Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la,
And in the third year, Josaphat king of Juda came down to the king of Israel.
3 Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”
(And the king of Israel said to his servants: Know ye not-that Ramoth Galaad is ours, and we neglect to take it out of the hand of the king of Syria?)
4 Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.”
And he said to Josaphat: Wilt thou come with me to battle to Ramoth Galaad?
5 Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.”
And Josaphat said to the king of Israel: As I am, so art thou: my people and thy people are one: and my horsemen, thy horsemen. And Josaphat said to the king of Israel: Inquire, I beseech thee, this day, the word of the Lord.
6 Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.”
Then the king of Israel assembled the prophets, about four hundred men, and he said to them: Shall I go to Ramoth Galaad to fight, or shall I forbear? They answered: Go up, and the Lord will deliver it into the hand of the king.
7 Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?”
And Josaphat said: Is there not here some prophet of the Lord, that we may inquire by him?
8 Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”
And the king of Israel said to Josaphat: There is one man left, by whom we may inquire of the Lord: Micheas the son of Jemla; but I hate him, for he doth not prophesy good to me, but evil. And Josaphat said: Speak not so, O king.
9 Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”
Then the king of Israel called an eunuch, and said to him: Make haste, and bring hither Micheas the son of Jemla.
10 Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
Then the king of Israel, and Josaphat king of Juda, sat each on his throne clothed with royal robes, in a court by the entrance of the gate of Samaria, and all the prophets prophesied before them.
11 Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’”
And Sedecias the son of Chanaana made himself horns of iron, and said: Thus saith the Lord: With these shalt thou push Syria, till thou destroy it.
12 Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
And all the prophets prophesied in like manner, saying: Go up to Ramoth Galaad, and prosper, for the Lord will deliver it into the king’s hands.
13 Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.”
And the messenger, that went to call Micheas, spoke to him, saying: Behold the words of the prophets with one month declare good things to the king: let thy word therefore be like to theirs, and speak that which is good.
14 Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.”
But Micheas said to him: As the Lord liveth, whatsoever the Lord shall say to me, that will I speak.
15 Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Ho aʋa ɖe eŋu enumake elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
So he came to the king, and the king said to him: Micheas, shall we go to Ramoth Galaad to battle, or shall we forbear? He answered him: Go up, and prosper, and the Lord shall deliver it into the king’s hands.
16 Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”
But the king said to him: I adjure thee again and again, that thou tell me nothing but that which is true in the name of the Lord.
17 Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’”
And he said: I saw all Israel scattered upon the hills, like sheep that have no shepherd: and the Lord said: These have no master: let every man of them return to his house in peace.
18 Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”
(Then the king of Israel said to Josaphat: Did I not tell thee, that he prophesieth no good to me, but always evil?)
19 Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.
And he added and said: Hear thou therefore the word of the Lord: I saw the Lord sitting on his throne, and all the army of heaven standing by him on the right hand and on the left:
20 Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa.
And the Lord said: Who shall deceive Achab king of Israel, that he may go up, and fall at Ramoth Galaad? And one spoke words of this manner, and another otherwise.
21 Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’
And there came forth a spirit, and stood before the Lord, and said: I will deceive him. And the Lord said to him: By what means?
22 “Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’
And he said: I will go forth, and be a lying spirit in the mouth of all his prophets. And the Lord said: Thou shalt deceive him, and shalt prevail: a go forth, and do so.
23 “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nu me na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
Now therefore behold the Lord hath given a lying spirit in the mouth of all thy prophets that are here, and the Lord hath spoken evil against thee.
24 Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
And Sedecias the son of Chanaana came, and struck Micheas on the cheek, and said: Hath then the spirit of the Lord left me, and spoken to thee?
25 Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”
And Micheas said: Thou shalt see in the day when thou shalt go into a chamber within a chamber to hide thyself.
26 Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas.
And the king of Israel said: Take Micheas, and let him abide with Ammon the governor of the city, and with Joas the son of Amalech.
27 Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’”
And tell them: Thus saith the king: Put this man in prison, and feed him with bread of affliction, and water of distress, till I return in peace.
28 Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”
And Micheas said: If thou return in peace, the Lord hath not spoken by me. And he said: Hear, all ye people.
29 Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.
So the king of Israel, and Josaphat king of Juda went up to Ramoth Galaad.
30 Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.
And the king of Israel said to Josaphat: Take armour, and go into the battle, and put on thy own garments. But the king of Israel changed his dress, and went into the battle.
31 Ke Aram fia de se na eƒe tasiaɖam blaetɔ̃-vɔ-eveawo dzi kpɔlawo be womegawɔ aʋa kple ame bubu aɖeke o, ke boŋ woati Israel fia ɖeɖe ko yome.
And the king of Syria had commanded the two and thirty captains of the chariots, saying: You shall not fight against any, small or great, but against the king of Israel only.
32 Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la,
So when the captains of the chariots saw Josaphat, they suspected that he was the king of Israel, and making a violent assault they fought against him: and Josaphat cried out.
33 tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ be menye eyae nye Israel fia la o, ale wodzudzɔ eyometiti.
And the captains of the chariots perceived that he was not the king of and they turned away from him.
34 Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”
And a certain man bent his bow, shooting at a venture, and chanced to strike the king of Israel between the lungs and the stomach. But he said to the driver of his chariot: Turn thy hand, and carry me out of the army, for I am grievously wounded.
35 Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku.
And the battle was fought that day, and the king of Israel stood in his chariot against the Syrians, and he died in the evening: and the blood ran out of the wound into the midst of the chariot.
36 Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!”
And the herald proclaimed through all the army before the sun set, saying: Let every man return to his own city, and to his own country.
37 Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria.
And the king died, and was carried into Samaria: and they buried the king in Samaria.
38 Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene.
And they washed his chariot in the pool of Samaria, and the dogs licked up his blood, and they washed the reins, according to the word of the Lord which he had spoken.
39 Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.
But the rest of the acts of Achab, and all that he did, and the house of ivory that he made, and all the cities that he built, are they not written in the book of the words of the days of the kings of Israel?
40 Woɖi Ahab ɖe tɔgbuiawo dome eye via Ahazia zu Israel fia ɖe eteƒe.
So Achab slept with his fathers, and Ochozias his son reigned in his stead.
41 Le Yuda la, Yehosafat, Asa ƒe vi zu Israel fia le Ahab ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
But Josaphat the son of Asa began to reign over Juda in the fourth year of Achab king of Israel.
42 Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu.
He was five and thirty years old when he began to reign, and he reigned five and twenty years in Jerusalem: the name of his mother was Azuba the daughter of Salai.
43 Ewɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi abe fofoa Asa ene, edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o ale ameawo saa vɔ eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma.
And he walked in all the way of Asa his father, and he declined not from it: and he did that which was right in the sight of the Lord. Nevertheless he took not away the high places: for as Set the people offered sacrifices and burnt incense in the high places.
44 Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia.
And Josaphat had peace with the king of Israel.
45 Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
But the rest of the acts of Josaphat, and his works which he did, and his batties, are they not written in the book of the words of the days of the kings of Juda?
46 Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ.
And the remnant also of the effeminate, who remained in the days of Asa his father, he took out of the land.
47 Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi.
And there was then no king appointed in Edom.
48 Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber.
But king Josaphat made navies on the sea, to sail into Ophir for gold: but they could not go, for the ships were broken in Asiongaber.
49 Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe.
Then Ochozias the ton of Achab said to Josaphat: Let my servants go with thy servants in the ships. And Josaphat would not.
50 Esi Fia Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa David ƒe du me eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe.
And Josaphat slept with his fathers. and was buried with them in the city of David his father: and Joram his son reigned in his stead.
51 Le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahazia, Ahab ƒe vi dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi le Samaria. Eɖu fia ƒe eve.
And Ochozias the son of Achab began to reign over Israel in Samaria, in the seventeenth gear of Josaphat king of Juda, and he reigned over Israel two years,
52 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe.
And he did evil in the sight of the Lord, and walked in the way of his father and his mother, and in the way of Jeroboam the son of Nabat, who made Israel to sin.
53 Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene.
He served also Baal, and worshipped him, and provoked the Lord the God of Israel, according to all that his father had done.