< Fiawo 1 21 >

1 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu.
It happened after these things, that Naboth the Jezreelite had a vineyard, which was in Jezreel, near the palace of Ahab king of Samaria.
2 Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ɖe eta gake ne elɔ̃ la, yeatsɔ anyigba bubu si nyo wu etɔ la aɖo eteƒe nɛ.”
Ahab spoke to Naboth, saying, "Give me your vineyard, that I may have it for a vegetable garden, because it is near to my house; and I will give you for it a better vineyard than it. Or, if it seems good to you, I will give you its worth in money."
3 Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.”
Naboth said to Ahab, "May the LORD forbid me, that I should give the inheritance of my fathers to you."
4 Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!
Ahab came into his house sullen and angry because of the word which Naboth the Jezreelite had spoken to him; for he had said, "I will not give you the inheritance of my fathers." He laid himself down on his bed, and turned away his face, and would eat no bread.
5 Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?”
But Jezebel his wife came to him, and said to him, "Why is your spirit so sad, that you eat no bread?"
6 Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”
He said to her, "Because I spoke to Naboth the Jezreelite, and said to him, 'Give me your vineyard for money; or else, if it pleases you, I will give you another vineyard for it.' He answered, 'I will not give you my vineyard.'"
7 Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”
Jezebel his wife said to him, "Do you now govern the kingdom of Israel? Arise, and eat bread, and let your heart be merry. I will give you the vineyard of Naboth the Jezreelite."
8 Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt.
So she wrote letters in Ahab's name, and sealed them with his seal, and sent the letters to the elders and to the nobles who were in his city, who lived with Naboth.
9 Eɖe gbe na wo le agbalẽawo me be, “Miƒo ƒu dua me tɔwo hena nutsitsidɔ kple gbedodoɖa. Emegbe la, miayɔ Nabɔt
She wrote in the letters, saying, "Proclaim a fast, and set Naboth on high among the people.
10 eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.”
Set two men, base fellows, before him, and let them testify against him, saying, 'You cursed God and the king.' Then carry him out, and stone him to death."
11 Dumegãwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Yezebel ŋlɔ ɖo ɖa wo be woawɔ la.
The men of his city, even the elders and the nobles who lived in his city, did as Jezebel had sent to them, according as it was written in the letters which she had sent to them.
12 Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt.
They proclaimed a fast, and set Naboth on high among the people.
13 Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku.
The two men, the base fellows, came in and sat before him. The base fellows testified against him, even against Naboth, in the presence of the people, saying, "Naboth cursed God and the king." Then they carried him out of the city, and stoned him to death with stones.
14 Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku.
Then they sent to Jezebel, saying, "Naboth has been stoned, and is dead."
15 Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!”
It happened, when Jezebel heard that Naboth was stoned, and was dead, that Jezebel said to Ahab, "Arise, take possession of the vineyard of Naboth the Jezreelite, which he refused to give you for money; for Naboth is not alive, but dead."
16 Ale Ahab yi waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ.
It happened, when Ahab heard that Naboth was dead, that Ahab rose up to go down to the vineyard of Naboth the Jezreelite, to take possession of it.
17 Ke Yehowa gblɔ na Eliya, Tisbitɔ be,
The word of the LORD came to Elijah the Tishbite, saying,
18 “Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene.
"Arise, go down to meet Ahab king of Israel, who dwells in Samaria. Look, he is in the vineyard of Naboth, where he has gone down to take possession of it.
19 Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’”
You shall speak to him, saying, 'Thus says the LORD, "Have you killed and also taken possession?"' You shall speak to him, saying, 'Thus says the LORD, "In the place where dogs licked the blood of Naboth, dogs will lick your blood, even yours."'"
20 Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume.
And Ahab said to Elijah, "Have you found me, my enemy?" And he answered, "I have found you, because you have sold yourself to do that which is evil in the sight of the LORD, to provoke him to anger.
21 Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o.
Thus says the LORD, 'Look, I will bring disaster on you, and will utterly sweep you away and will cut off from Ahab everyone, slave or free in Israel.
22 Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me.
I will make your house like the house of Jeroboam the son of Nebat, and like the house of Baasha the son of Ahijah for the provocation with which you have provoked me to anger, and have made Israel to sin.'"
23 “Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’
The LORD also spoke of Jezebel, saying, "The dogs shall eat Jezebel in the district of Jezreel.
24 “Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.”
The dogs will eat he who dies of Ahab in the city; and the birds of the sky will eat he who dies in the field."
25 Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe.
But there was none like Ahab, who sold himself to do that which was evil in the sight of the LORD, whom Jezebel his wife stirred up.
26 Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene.
He did very abominably in following idols, according to all that the Amorites did, whom the LORD cast out before the children of Israel.
27 Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe.
It happened, when Ahab heard those words, that he tore his clothes, and put sackcloth on his flesh, and fasted, and lay in sackcloth, and went softly.
28 Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be,
The word of the LORD came to Elijah the Tishbite, saying,
29 “Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.”
"See how Ahab humbles himself before me? Because he humbles himself before me, I will not bring the disaster in his days; but in his son's days will I bring the disaster on his house."

< Fiawo 1 21 >