< Fiawo 1 20 >

1 Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii.
Ben Hadad the king of Aram gathered all his army together; and there were thirty-two kings with him, and horses and chariots: and he went up and besieged Samaria, and fought against it.
2 Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be,
He sent messengers to Ahab king of Israel, into the city, and said to him, "Thus says Ben Hadad,
3 ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’”
'Your silver and your gold is mine. Your wives also and your children, even the best, are mine.'"
4 Israel fia ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple fia, abe ale si nègblɔe ene la, nye ŋutɔ kple nu siwo le asinye la nye tɔwò!”
The king of Israel answered, "It is according to your saying, my lord, O king. I am yours, and all that I have."
5 Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la,
The messengers came again, and said, "Ben Hadad says, 'I sent indeed to you, saying, "You shall deliver me your silver, and your gold, and your wives, and your children;
6 etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’”
but I will send my servants to you tomorrow about this time, and they shall search your house, and the houses of your servants; and it shall be, that whatever is pleasant in their eyes, they shall put it in their hand, and take it away."'"
7 Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.”
Then the king of Israel called all the elders of the land, and said, "Please notice how this man seeks mischief; for he sent to me for my wives, and for my children, and for my silver, and for my gold; and I did not deny him."
8 Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.”
All the elders and all the people said to him, "Do not listen, neither consent."
9 Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ.
Therefore he said to the messengers of Ben Hadad, "Tell my lord the king, 'All that you sent for to your servant at the first I will do; but this thing I cannot do.'" The messengers departed, and brought him back the message.
10 Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”
Ben Hadad sent to him, and said, "The gods do so to me, and more also, if the dust of Samaria shall suffice for handfuls for all the people who follow me."
11 Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’”
The king of Israel answered, "Tell him, 'Do not let him who puts on his armor brag like he who takes it off.'"
12 Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.”
It happened, when Ben Hadad heard this message, as he was drinking, he and the kings, in the pavilions, that he said to his servants, "Prepare to attack." They prepared to attack the city.
13 Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”
Look, a prophet came near to Ahab king of Israel, and said, "Thus says the LORD, 'Have you seen all this great multitude? Look, I will deliver it into your hand this day; and you shall know that I am the LORD.'"
14 Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’” Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!”
Ahab said, "By whom?" He said, "Thus says the LORD, 'By the young men of the governors of the districts.'" Then he said, "Who shall begin the battle?" He answered, "You."
15 Ale Ahab ƒo aʋawɔla alafa eve blaetɔ̃-vɔ-eve nu ƒu tso dutawo kpe ɖe Israelʋakɔ mamlɛa, ame akpe adre, ŋu.
Then he mustered the young men of the governors of the districts, and they were two hundred and thirty-two. After them, he mustered all the people, even all the children of Israel, being seven thousand.
16 Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi.
They went out at noon. But Ben Hadad was drinking himself drunk in the pavilions, he and the kings, the thirty-two kings who helped him.
17 Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho. Ben Hadad dɔ amewo ɖa eye wogbɔ va gblɔ nɛ bena, “Samaria ŋutsuwo ho aʋa gbɔna ɖa.”
the young men of the governors of the districts went out first; and Ben Hadad sent out, and they told him, saying, "Men are coming out from Samaria."
18 Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!”
He said, "If they have come out for peace, take them alive; or if they have come out for war, take them alive."
19 Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me.
So these went out of the city, the young men of the governors of the districts, and the army which followed them.
20 Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi.
They each killed his man. The Arameans fled, and Israel pursued them. Ben Hadad the king of Aram escaped on a horse with horsemen.
21 Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo.
The king of Israel went out, and struck the horses and chariots, and killed the Arameans with a great slaughter.
22 Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!”
The prophet came near to the king of Israel, and said to him, "Go, strengthen yourself, and mark, and see what you do; for at the return of the year the king of Aram will come up against you."
23 Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime.
The servants of the king of Aram said to him, "Their god is a god of the hills; therefore they were stronger than we. But let us fight against them in the plain, and surely we shall be stronger than they.
24 Azɔ la, na aʋafiawo naxɔ fiawo teƒe.
Do this thing: take the kings away, every man out of his place, and put captains in their place.
25 Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ.
Muster an army, like the army that you have lost, horse for horse, and chariot for chariot. We will fight against them in the plain, and surely we will be stronger than them." He listened to their voice, and did so.
26 Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek.
It happened at the return of the year, that Ben Hadad mustered the Arameans, and went up to Aphek, to fight against Israel.
27 Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu!
The children of Israel were mustered, and were provisioned, and went against them. The children of Israel camped before them like two little flocks of young goats; but the Arameans filled the country.
28 Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”
A man of God came near and spoke to the king of Israel, and said, "Thus says the LORD, 'Because the Arameans have said, "The LORD is a god of the hills, but he is not a god of the valleys"; therefore I will deliver all this great multitude into your hand, and you shall know that I am the LORD.'"
29 Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka le ŋkeke gbãtɔ dzi.
They camped one over against the other seven days. So it was, that in the seventh day the battle was joined; and the children of Israel killed one hundred thousand footmen of the Arameans in one day.
30 Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.
But the rest fled to Aphek, into the city; and the wall fell on twenty-seven thousand men who were left. Ben Hadad fled, and came into the city, into an inner room.
31 Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”
His servants said to him, "See now, we have heard that the kings of the house of Israel are merciful kings. Please let us put sackcloth on our bodies, and ropes on our heads, and go out to the king of Israel. Maybe he will save your life."
32 Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’” Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!”
So they put sackcloth on their bodies and ropes on their heads, and came to the king of Israel, and said, "Your servant Ben Hadad says, 'Please let me live.'" He said, "Is he still alive? He is my brother."
33 Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me!
Now the men were looking for an omen, and they seized upon it from him, and they said, "Ben Hadad is your brother." Then he said, "Go, bring him." Then Ben Hadad came out to him, and he had him come up into the chariot.
34 Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.
Ben Hadad said to him, "The cities which my father took from your father I will restore. You shall make streets for yourself in Damascus, as my father made in Samaria." "I," said Ahab, "will let you go with this covenant." So he made a covenant with him, and let him go.
35 Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe.
A certain man of the sons of the prophets said to his fellow by the word of the LORD, "Please strike me." The man refused to strike him.
36 Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui.
Then he said to him, "Because you have not obeyed the voice of the LORD, look, as soon as you are departed from me, a lion shall kill you." As soon as he was departed from him, a lion found him, and killed him.
37 Nyagblɔɖila la trɔ ɖe ame bubu gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsɔ wò yi dzam.” Ame la dzae eye wòde abi eŋu.
Then he found another man, and said, "Please strike me." The man struck him, smiting and wounding him.
38 Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o.
So the prophet departed, and waited for the king by the way, and disguised himself with his headband over his eyes.
39 Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’
As the king passed by, he cried to the king; and he said, "Your servant went out into the midst of the battle; and look, a man turned aside, and brought a man to me, and said, 'Guard this man. If by any means he be missing, then your life shall be for his life, or else you shall pay a talent of silver.'
40 Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.” Israel fia gblɔ nɛ be, “Esiae nye wò afiatsotso. Wò ŋutɔe tso afia, bu fɔ ɖokuiwò.”
As your servant was busy here and there, he was gone." The king of Israel said to him, "So your judgment shall be; you yourself have decided it."
41 Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.
He hurried, and took the headband away from his eyes; and the king of Israel recognized that he was of the prophets.
42 Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’”
He said to him, "Thus says the LORD, 'Because you have let go out of your hand the man whom I had devoted to destruction, therefore your life shall go for his life, and your people for his people.'"
43 Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ.
The king of Israel went to his house sullen and angry, and came to Samaria.

< Fiawo 1 20 >