< Fiawo 1 2 >
1 Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:
大卫的死期临近了,就嘱咐他儿子所罗门说:
2 “Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ.
“我现在要走世人必走的路。所以,你当刚强,作大丈夫,
3 Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò.
遵守耶和华—你 神所吩咐的,照着摩西律法上所写的行主的道,谨守他的律例、诫命、典章、法度。这样,你无论做什么事,不拘往何处去,尽都亨通。
4 Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.
耶和华必成就向我所应许的话说:‘你的子孙若谨慎自己的行为,尽心尽意诚诚实实地行在我面前,就不断人坐以色列的国位。’
5 “Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.
你知道洗鲁雅的儿子约押向我所行的,就是杀了以色列的两个元帅:尼珥的儿子押尼珥和益帖的儿子亚玛撒。他在太平之时流这二人的血,如在争战之时一样,将这血染了腰间束的带和脚上穿的鞋。
6 Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o. (Sheol )
所以你要照你的智慧行,不容他白头安然下阴间。 (Sheol )
7 “Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu.
你当恩待基列人巴西莱的众子,使他们常与你同席吃饭;因为我躲避你哥哥押沙龙的时候,他们拿食物来迎接我。
8 “Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.
在你这里有巴户琳的便雅悯人,基拉的儿子示每;我往玛哈念去的那日,他用狠毒的言语咒骂我,后来却下约旦河迎接我,我就指着耶和华向他起誓说:‘我必不用刀杀你。’
9 Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.” (Sheol )
现在你不要以他为无罪。你是聪明人,必知道怎样待他,使他白头见杀,流血下到阴间。” (Sheol )
10 Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me.
大卫与他列祖同睡,葬在大卫城。
11 Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem.
大卫作以色列王四十年:在希伯 作王七年,在耶路撒冷作王三十三年。
12 Solomo zu fia yeye ɖe fofoa, David teƒe eye nuwo tsɔ afɔ nyuie le eƒe fiaɖuƒe la me.
所罗门坐他父亲大卫的位,他的国甚是坚固。
13 Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?” Adoniya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le.
哈及的儿子亚多尼雅去见所罗门的母亲拔示巴,拔示巴问他说:“你来是为平安吗?”回答说:“是为平安”;
14 Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Batseba biae be, “Nu kae?”
又说:“我有话对你说。”拔示巴说:“你说吧。”
15 Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ.
亚多尼雅说:“你知道国原是归我的,以色列众人也都仰望我作王,不料,国反归了我兄弟,因他得国是出乎耶和华。
16 Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.” Batseba biae be, “Nu kae?”
现在我有一件事求你,望你不要推辞。”拔示巴说:“你说吧。”
17 Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”
他说:“求你请所罗门王将书念的女子亚比煞赐我为妻,因他必不推辞你。”
18 Batseba ɖo eŋu be, “Enyo, mabiae na wò.”
拔示巴说:“好,我必为你对王提说。”
19 Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.
于是,拔示巴去见所罗门王,要为亚多尼雅提说;王起来迎接,向她下拜,就坐在位上,吩咐人为王母设一座位,她便坐在王的右边。
20 Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.” Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.”
拔示巴说:“我有一件小事求你,望你不要推辞。”王说:“请母亲说,我必不推辞。”
21 Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.”
拔示巴说:“求你将书念的女子亚比煞赐给你哥哥亚多尼雅为妻。”
22 Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”
所罗门王对他母亲说:“为何单替他求书念的女子亚比煞呢?也可以为他求国吧!他是我的哥哥,他有祭司亚比亚他和洗鲁雅的儿子约押为辅佐。”
23 Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o!
所罗门王就指着耶和华起誓说:“亚多尼雅这话是自己送命,不然,愿 神重重地降罚与我。
24 Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!”
耶和华坚立我,使我坐在父亲大卫的位上,照着所应许的话为我建立家室;现在我指着永生的耶和华起誓,亚多尼雅今日必被治死。”
25 Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi.
于是所罗门王差遣耶何耶大的儿子比拿雅,将亚多尼雅杀死。
26 Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.”
王对祭司亚比亚他说:“你回亚拿突归自己的田地去吧!你本是该死的,但因你在我父亲大卫面前抬过主耶和华的约柜,又与我父亲同受一切苦难,所以我今日不将你杀死。”
27 Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme.
所罗门就革除亚比亚他,不许他作耶和华的祭司。这样,便应验耶和华在示罗论以利家所说的话。
28 Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi.
约押虽然没有归从押沙龙,却归从了亚多尼雅。他听见这风声,就逃到耶和华的帐幕,抓住祭坛的角。
29 Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui.
有人告诉所罗门王说:“约押逃到耶和华的帐幕,现今在祭坛的旁边。”所罗门就差遣耶何耶大的儿子比拿雅,说:“你去将他杀死。”
30 Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.”
比拿雅来到耶和华的帐幕,对约押说:“王吩咐说,你出来吧!”他说:“我不出去,我要死在这里。”比拿雅就去回复王,说约押如此如此回答我。
31 Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi.
王说:“你可以照着他的话行,杀死他,将他葬埋,好叫约押流无辜人血的罪不归我和我的父家了。
32 Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.
耶和华必使约押流人血的罪归到他自己的头上;因为他用刀杀了两个比他又义又好的人,就是以色列元帅尼珥的儿子押尼珥和犹大元帅益帖的儿子亚玛撒,我父亲大卫却不知道。
33 Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.”
故此,流这二人血的罪必归到约押和他后裔的头上,直到永远;惟有大卫和他的后裔,并他的家与国,必从耶和华那里得平安,直到永远。”
34 Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe.
于是耶何耶大的儿子比拿雅上去,将约押杀死,葬在旷野约押自己的坟墓里。
35 Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe.
王就立耶何耶大的儿子比拿雅作元帅,代替约押,又使祭司撒督代替亚比亚他。
36 Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o.
王差遣人将示每召来,对他说:“你要在耶路撒冷建造房屋居住,不可出来往别处去。
37 Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.”
你当确实地知道,你何日出来过汲沦溪,何日必死!你的罪必归到自己的头上。”
38 Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe.
示每对王说:“这话甚好!我主我王怎样说,仆人必怎样行。”于是示每多日住在耶路撒冷。
39 Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la,
过了三年,示每的两个仆人逃到迦特王玛迦的儿子亚吉那里去。有人告诉示每说:“你的仆人在迦特。”
40 edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem.
示每起来,备上驴,往迦特到亚吉那里去找他的仆人,就从迦特带他仆人回来。
41 Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ.
有人告诉所罗门说:“示每出耶路撒冷往迦特去,回来了。”
42 Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa?
王就差遣人将示每召了来,对他说:“我岂不是叫你指着耶和华起誓,并且警戒你说‘你当确实地知道,你哪日出来往别处去,那日必死’吗?你也对我说:‘这话甚好,我必听从。’
43 Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?”
现在你为何不遵守你指着耶和华起的誓和我所吩咐你的命令呢?”
44 “Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò
王又对示每说:“你向我父亲大卫所行的一切恶事,你自己心里也知道,所以耶和华必使你的罪恶归到自己的头上;
45 gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.”
惟有所罗门王必得福,并且大卫的国位必在耶和华面前坚定,直到永远。”
46 Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui. Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me.
于是王吩咐耶何耶大的儿子比拿雅,他就去杀死示每。这样,便坚定了所罗门的国位。