< Fiawo 1 19 >

1 Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel
Ahab told Jezebel all that Elijah had done, and how he had killed all the prophets with the sword.
2 eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”
Then Jezebel sent a messenger to Elijah, saying, "So let the gods do to me, and more also, if I do not make your life as the life of one of them by tomorrow about this time."
3 Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma.
And he was afraid, and he got up and fled for his life, and came to Beersheba, which belongs to Judah, and left his servant there.
4 Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”
But he himself went a day's journey into the wilderness, and came and sat down under a broom tree. And he requested for himself that he might die, and said, "It is enough. Now, O LORD, take away my life, for I am no better than my fathers."
5 Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu!
He lay down and slept under a broom tree. And look, an angel touched him, and said to him, "Arise and eat."
6 Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.
He looked, and look, there was at his head a cake baked on the coals, and a jar of water. He ate and drank, and lay down again.
7 Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.”
The angel of the LORD came again the second time, and touched him, and said, "Arise and eat, because the journey is too great for you."
8 Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi.
And he got up and ate and drank, and went in the strength of that food forty days and forty nights to Horeb the Mount of God.
9 Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ. Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
And there he came to a cave and lodged there; and look, the word of the LORD came to him, and he said to him, "What are you doing here, Elijah?"
10 Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
He said, "I have been very jealous for the LORD, the God of hosts; for the children of Israel have forsaken your covenant, thrown down your altars, and slain your prophets with the sword, and I, even I only, am left; and they seek my life, to take it away."
11 Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.” Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o
And he said, "Go out tomorrow and stand on the mountain before the LORD." Look, the LORD passed by, and a great and strong wind tore the mountains, and broke in pieces the rocks before the LORD; but the LORD was not in the wind. After the wind an earthquake; but the LORD was not in the earthquake.
12 Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo.
After the earthquake a fire passed; but the LORD was not in the fire: and after the fire a still small voice.
13 Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
It was so, when Elijah heard it, that he wrapped his face in his cloak, and went out, and stood in the entrance of the cave. Look, a voice came to him, and said, "What are you doing here, Elijah?"
14 Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
He said, "I have been very jealous for the LORD, the God of hosts; for the children of Israel have forsaken your covenant, thrown down your altars, and slain your prophets with the sword, and I, even I only, am left; and they seek my life, to take it away."
15 Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi.
The LORD said to him, "Go, return on your way, and you will come to the way of the wilderness of Damascus, and when you arrive, you shall anoint Hazael to be king over Aram.
16 Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe.
You shall anoint Jehu the son of Nimshi to be king over Israel; and you shall anoint Elisha the son of Shaphat of Abel Meholah to be prophet in your place.
17 Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu.
It shall happen, that he who escapes from the sword of Hazael, Jehu will kill; and he who escapes from the sword of Jehu, Elisha will kill.
18 Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”
Yet I have kept for myself seven thousand people in Israel, all the knees that have not bowed to Baal, and every mouth that has not kissed him."
19 Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo.
So he departed there, and found Elisha the son of Shaphat, who was plowing, with twelve yoke of oxen before him, and he with the twelfth: and Elijah passed over to him, and cast his cloak on him.
20 Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”
He left the oxen, and ran after Elijah, and said, "Let me please kiss my father and my mother, and then I will follow you." He said to him, "Go back again; for what have I done to you?"
21 Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene.
He returned from following him, and took the yoke of oxen, and killed them, and boiled their flesh with the instruments of the oxen, and gave to the people, and they ate. Then he arose, and went after Elijah, and served him.

< Fiawo 1 19 >