< Fiawo 1 17 >

1 Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”
Elijah the Tishbite, who was one of the settlers of Gilead, said to Ahab, “As the LORD, the God of Israel, lives, before whom I stand, there shall not be dew nor rain these years, but according to my word.”
2 Yehowa gblɔ na Eliya bena,
Then the LORD’s word came to him, saying,
3 “Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
“Go away from here, turn eastward, and hide yourself by the brook Cherith, that is before the Jordan.
4 No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.”
You shall drink from the brook. I have commanded the ravens to feed you there.”
5 Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to.
So he went and did according to the LORD’s word, for he went and lived by the brook Cherith that is before the Jordan.
6 Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me.
The ravens brought him bread and meat in the morning, and bread and meat in the evening; and he drank from the brook.
7 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o.
After a while, the brook dried up, because there was no rain in the land.
8 Yehowa ƒe nya va na Eliya bena,
The LORD’s word came to him, saying,
9 “Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.”
“Arise, go to Zarephath, which belongs to Sidon, and stay there. Behold, I have commanded a widow there to sustain you.”
10 Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?”
So he arose and went to Zarephath; and when he came to the gate of the city, behold, a widow was there gathering sticks. He called to her and said, “Please get me a little water in a jar, that I may drink.”
11 Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la vɛ nɛ la, Eliya yɔe, gblɔ nɛ be, “Nyo dɔ me nàtsɔ abolo aɖe hã kpe ɖe tsi la ŋu vɛ nam.”
As she was going to get it, he called to her and said, “Please bring me a morsel of bread in your hand.”
12 Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”
She said, “As the LORD your God lives, I do not have anything baked, but only a handful of meal in a jar and a little oil in a jar. Behold, I am gathering two sticks, that I may go in and bake it for me and my son, that we may eat it, and die.”
13 Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la
Elijah said to her, “Do not be afraid. Go and do as you have said; but make me a little cake from it first, and bring it out to me, and afterward make some for you and for your son.
14 elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’”
For the LORD, the God of Israel, says, ‘The jar of meal will not run out, and the jar of oil will not fail, until the day that the LORD sends rain on the earth.’”
15 Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo.
She went and did according to the saying of Elijah; and she, he, and her household ate many days.
16 Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.
The jar of meal did not run out and the jar of oil did not fail, according to the LORD’s word, which he spoke by Elijah.
17 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso.
After these things, the son of the woman, the mistress of the house, became sick; and his sickness was so severe that there was no breath left in him.
18 Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”
She said to Elijah, “What have I to do with you, you man of God? You have come to me to bring my sin to memory, and to kill my son!”
19 Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi.
He said to her, “Give me your son.” He took him out of her bosom, and carried him up into the room where he stayed, and laid him on his own bed.
20 Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?”
He cried to the LORD and said, “LORD my God, have you also brought evil on the widow with whom I am staying, by killing her son?”
21 Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!”
He stretched himself on the child three times, and cried to the LORD and said, “LORD my God, please let this child’s soul come into him again.”
22 Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe.
The LORD listened to the voice of Elijah; and the soul of the child came into him again, and he revived.
23 Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!”
Elijah took the child and brought him down out of the room into the house, and delivered him to his mother; and Elijah said, “Behold, your son lives.”
24 Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”
The woman said to Elijah, “Now I know that you are a man of God, and that the LORD’s word in your mouth is truth.”

< Fiawo 1 17 >