< Fiawo 1 16 >

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be,
そこで主の言葉がハナニの子エヒウに臨み、バアシャを責めて言った、
2 “Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo,
「わたしはあなたをちりの中からあげて、わたしの民イスラエルの上に君としたが、あなたはヤラベアムの道に歩み、わたしの民イスラエルに罪を犯させ、その罪をもってわたしを怒らせた。
3 eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene.
それでわたしは、バアシャとその家を全く滅ぼし去り、あなたの家をネバテの子ヤラベアムの家のようにする。
4 Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.”
バアシャに属する者で、町で死ぬ者は犬が食べ、彼に属する者で、野で死ぬ者は空の鳥が食べるであろう」。
5 Woŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe si Baasa wɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
バアシャのその他の事績と、彼がした事と、その勲功とは、イスラエルの王の歴代志の書にしるされているではないか。
6 Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe.
バアシャはその先祖と共に眠って、テルザに葬られ、その子エラが代って王となった。
7 Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta.
主の言葉はまたハナニの子預言者エヒウによって臨み、バアシャとその家を責めた。これは彼が主の目の前に、もろもろの悪を行い、その手のわざをもって主を怒らせ、ヤラベアムの家にならったためであり、また彼がヤラベアムの家を滅ぼしたためであった。
8 Ela, Baasa ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adelia me. Eɖu fia ƒe eve ko.
ユダの王アサの第二十六年にバアシャの子エラはテルザでイスラエルの王となり、二年世を治めた。
9 Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la,
彼がテルザにいて、テルザの宮殿のつかさアルザの家で酒を飲んで酔った時、その家来で戦車隊の半ばを指揮していたジムリが、彼にそむいた。
10 Zimri zɔ tẽe ɖatɔ nue ƒu anyi eye wòku. Nya sia dzɔ le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me. Zimri tsɔ eɖokui ɖo Israel fiae ɖe eteƒe.
そしてユダの王アサの第二十七年にジムリは、はいってきて彼を撃ち殺し、彼に代って王となった。
11 Ewu Fia Baasa ƒe ƒometɔwo katã enumake eye megblẽ ŋutsu ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖi o. Ewu eƒe ƒometɔ siwo mete ɖe eŋu tututu o kple exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã.
ジムリは王となって、位についた時、バアシャの全家を殺し、その親族または友だちの男子は、ひとりも残さなかった。
12 Baasa ƒe ƒometɔ siawo wuwu na nya si Yehowa gblɔ da ɖi to Nyagblɔɖila Yehu dzi la va eme.
こうしてジムリはバアシャの全家を滅ぼした。主が預言者エヒウによってバアシャを責めて言われた言葉のとおりである。
13 Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ.
これはバアシャのもろもろの罪と、その子エラの罪のためであって、彼らが罪を犯し、またイスラエルに罪を犯させ、彼らの偶像をもってイスラエルの神、主を怒らせたからである。
14 Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Ela ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
エラのその他の事績と、彼がしたすべての事は、イスラエルの王の歴代志の書にしるされているではないか。
15 Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa.
ユダの王アサの第二十七年にジムリはテルザで七日の間、世を治めた。民はペリシテびとに属するギベトンにむかって陣取っていたが、
16 Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me.
その陣取っていた民が「ジムリはむほんを起して王を殺した」と人のいうのを聞いたので、イスラエルは皆その日陣営で、軍の長オムリをイスラエルの王とした。
17 Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu.
そこでオムリはイスラエルの人々と共にギベトンから上ってテルザを囲んだ。
18 Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me.
ジムリはその町の陥るのを見て、王の宮殿の天守にはいり、王の宮殿に火をかけてその中で死んだ。
19 Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me.
これは彼が犯した罪のためであって、彼が主の目の前に悪を行い、ヤラベアムの道に歩み、ヤラベアムがイスラエルに犯させたその罪を行ったからである。
20 Woŋlɔ Zimri ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nugbeɖoɖo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
ジムリのその他の事績と、彼が企てた陰謀は、イスラエルの王の歴代志の書にしるされているではないか。
21 Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi.
その時イスラエルの民は二つに分れ、民の半ばはギナテの子テブニに従って、これを王としようとし、半ばはオムリに従った。
22 Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o.
しかしオムリに従った民はギナテの子テブニに従った民に勝って、テブニは死に、オムリが王となった。
23 Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza.
ユダの王アサの第三十一年にオムリはイスラエルの王となって十二年世を治めた。彼はテルザで六年王であった。
24 Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria.
彼は銀二タラントでセメルからサマリヤの山を買い、その上に町を建て、その建てた町の名をその山の持ち主であったセメルの名に従ってサマリヤと呼んだ。
25 Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ.
オムリは主の目の前に悪を行い、彼よりも先にいたすべての者にまさって悪い事をした。
26 Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me.
彼はネバテの子ヤラベアムのすべての道に歩み、ヤラベアムがイスラエルに罪を犯させ、彼らの偶像をもってイスラエルの神、主を怒らせたその罪を行った。
27 Woŋlɔ Omri ƒe ŋutinya ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
オムリが行ったその他の事績と、彼があらわした勲功とは、イスラエルの王の歴代志の書にしるされているではないか。
28 Esi Omri ku la, woɖii ɖe Samaria eye Via ŋutsu Ahab zu fia ɖe eteƒe.
オムリはその先祖と共に眠って、サマリヤに葬られ、その子アハブが代って王となった。
29 Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve.
ユダの王アサの第三十八年にオムリの子アハブがイスラエルの王となった。オムリの子アハブはサマリヤで二十二年イスラエルを治めた。
30 Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe!
オムリの子アハブは彼よりも先にいたすべての者にまさって、主の目の前に悪を行った。
31 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.
彼はネバテの子ヤラベアムの罪を行うことを、軽い事とし、シドンびとの王エテバアルの娘イゼベルを妻にめとり、行ってバアルに仕え、これを拝んだ。
32 Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria.
彼はサマリヤに建てたバアルの宮に、バアルのために祭壇を築いた。
33 Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ.
アハブはまたアシラ像を造った。アハブは彼よりも先にいたイスラエルのすべての王にまさってイスラエルの神、主を怒らせることを行った。
34 Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu.
彼の代にベテルびとヒエルはエリコを建てた。彼はその基をすえる時に長子アビラムを失い、その門を立てる時に末の子セグブを失った。主がヌンの子ヨシュアによって言われた言葉のとおりである。

< Fiawo 1 16 >