< Fiawo 1 15 >
1 Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia.
In the eighteenth year of King Jeroboam son of Nebat, Abijah began to reign over Judah.
2 Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
He ruled for three years in Jerusalem. His mother's name was Maacah. She was the daughter of Abishalom.
3 Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o.
He walked in all the sins that his father had committed before his time; his heart was not devoted to Yahweh his God as the heart of David, his ancestor, had been.
4 Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o
Nevertheless, for David's sake, Yahweh his God gave him a lamp in Jerusalem by raising up his son after him in order to strengthen Jerusalem.
5 elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko.
God did this because David had done what was right in his eyes; for all the days of his life, he had not turned away from anything that he commanded him, except only in the matter of Uriah the Hittite.
6 Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi.
Now there was war between Rehoboam and Jeroboam all the days of Abijah's life.
7 Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
As for the other matters of Abijah, all that he did, are they not written in the book of the events of the kings of Judah? There was war between Abijah and Jeroboam.
8 Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe.
Abijah slept with his ancestors, and they buried him in the city of David. Asa his son became king in his place.
9 Asa zu Yuda fia le Yerusalem le Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe blaevelia me.
In the twentieth year of Jeroboam king of Israel, Asa began to reign over Judah.
10 Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
He ruled forty-one years in Jerusalem. His grandmother's name was Maacah, the daughter of Abishalom.
11 Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene.
Asa did what was right in the eyes of Yahweh, as David, his ancestor, had done.
12 Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa.
He expelled the cultic prostitutes from the land and removed all the idols that his ancestors had made.
13 Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me.
He also removed Maacah, his grandmother, from being queen, because she had made a disgusting figure out of an Asherah pole. Asa cut down the disgusting figure and burned it at the Kidron Valley.
14 Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
But the high places were not taken away. Nevertheless, Asa's heart was completely devoted to Yahweh all his days.
15 Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
He brought into the house of Yahweh the things that were set apart by his father, and his own things that had been set apart that were made of silver and gold, and vessels.
16 Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome.
There was war between Asa and Baasha king of Israel, all their days.
17 Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o.
Baasha king of Israel, acted aggressively against Judah and built up Ramah, so that he might not allow anyone to leave or enter into the land of Asa king of Judah.
18 Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena,
Then Asa took all the silver and gold left in the storerooms in the house of Yahweh, and the storerooms of the king's palace. He put it into the hands of his servants and sent it to Ben Hadad son of Tabrimmon son of Hezion, the king of Aram, who lived in Damascus. He said,
19 “Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
“Let there be a covenant between me and you, as there was between my father and your father. Look, I have sent to you a gift of silver and gold. Break your covenant with Baasha king of Israel, so that he may leave me alone.”
20 Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu.
Ben Hadad listened to King Asa and sent the commanders of his armies, and they attacked the cities of Israel. They attacked Ijon, Dan, Abel of Beth Maacah, and all Kinnereth, together with all the land of Naphtali.
21 Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza.
It came about that when Baasha heard this, he stopped building up Ramah and went back to Tirzah.
22 Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la.
Then King Asa made a proclamation to all Judah. No one was exempted. They carried away the stones and timbers of Ramah with which Baasha had been building up the city. Then King Asa used that building material to build up Geba of Benjamin and Mizpah.
23 Woŋlɔ Asa ƒe agbemeŋutinya mamlɛa, dukɔ siwo dzi wòɖu, eƒe nuwɔwɔwo kple du siwo wòtso la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Dɔléle va dze eƒe afɔwo dzi le eƒe tsitsime.
As for the other matters of Asa, all his might, all that he did, and the cities he built, are they not written in the book of the events of the kings of Judah? But during his old age he was diseased in his feet.
24 Esi wòku la, woɖii ɖe fiawo ɖiƒe le Yerusalem. Via Yehosafat zu Yuda fia ɖe eyome.
Then Asa slept with his ancestors and was buried with them in the city of David his father. Jehoshaphat his son became king in his place.
25 Le ɣeyiɣi siawo me la, Nadab, Yeroboam ƒe vi zu fia le Israel, le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Eɖu fia ƒe eve,
Nadab son of Jeroboam began to reign over Israel in the second year of Asa king of Judah; he reigned over Israel two years.
26 ke menye fia nyui aɖeke o. Esubɔ legba geɖewo eye wòhe Israel dukɔ la de nu vɔ̃ me abe fofoa ene.
He did what was evil in the sight of Yahweh and walked in the way of his father, and in his own sin, by which he led Israel to sin.
27 Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du.
Baasha son of Ahijah, of the family of Issachar, conspired against Nadab; Baasha killed him down at Gibbethon, which belonged to the Philistines, for Nadab and all Israel were laying siege to Gibbethon.
28 Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me.
In the third year of Asa king of Judah, Baasha killed Nadab and became king in his place.
29 Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene.
As soon as he was king, Baasha killed all the family of Jeroboam. He left none of Jeroboam's descendants breathing; in this way he destroyed his royal line, just as Yahweh had spoken by his servant Ahijah the Shilonite,
30 Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta.
for the sins of Jeroboam which he committed and by which he led Israel to sin, because he provoked Yahweh, the God of Israel, to anger.
31 Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
As for the other matters concerning Nadab, and all that he did, are they not written in the book of the events of the kings of Israel?
32 Aʋawɔwɔ nɔ edzi le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome le woƒe fiaɖuɣiwo me.
There was war between Asa and Baasha king of Israel all their days.
33 Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene.
In the third year of Asa king of Judah, Baasha son of Ahijah began to reign over all Israel in Tirzah and he reigned twenty-four years.
34 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi.
He did what was evil in the sight of Yahweh and walked in the way of Jeroboam and in his sin by which he led Israel to sin.