< Fiawo 1 13 >

1 Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ.
And lo! a man of God, came in out of Judah, by the word of Yahweh, unto Bethel, —as Jeroboam was standing by the altar, to make a perfume.
2 Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’”
And he made proclamation against the altar, by the word of Yahweh, and said, O altar! altar! Thus, saith Yahweh, —Lo! a son to be born unto the house of David, Josiah his name, who shall sacrifice upon thee the priests of the high-places, who are making a perfume upon thee, and, human bones, shall be burned upon thee;
3 Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.”
and he shall give, on that day, a sign, saying, This, is the sign of which Yahweh hath spoken, —Lo! the altar, is to be rent, and the ashes that are upon thee shall be, poured out!
4 Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o.
And it came to pass, when the king heard the word of the man of God which he proclaimed against the altar in Bethel, Jeroboam thrust forth his hand, from off the altar, saying—Lay hold of him! and his hand which he had thrust forth against him was dried up, that he could not draw it back to him.
5 Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi.
Moreover, the altar, was rent, and the ashes poured out from the altar, —according to the sign which the man of God had given, by the word of Yahweh.
6 Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene.
Then responded the king and said unto the man of God—Appease, I pray thee, the face of Yahweh thy God, and pray for me, that my hand may be restored unto me. So the man of God appeased the face of Yahweh, and the hand of the king was restored unto him, and became as aforetime.
7 Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.”
Then spake the king unto the man of God, Come home with me, and refresh thyself, —and let me give thee a present.
8 Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o
But the man of God said unto the king—If thou wouldst give me the half of thy house, I would not go in with thee, —neither would I eat bread or drink water, in this place;
9 elabena Yehowa ƒe nya de se nam be, ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi alo atrɔ agbɔ ato mɔ si dzi nèto yi la dzi o.’”
for, so, he charged me, by the word of Yahweh, saying, Thou shalt not eat bread, nor shalt thou drink water, —neither shalt thou come back by the way thou wentest.
10 Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o.
So he departed another way, —and went not back by the way by which he came unto Bethel.
11 Eva eme be nyagblɔɖila tsitsi aɖe nɔ Betel. Viawo yi egbɔ eye wogblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la wɔ kple nya si wògblɔ na fia la nɛ.
But, a certain aged prophet, was dwelling in Bethel, —whose sons came in and related to him all the deeds which the man of God had done that day in Bethel—and the words which he had spoken unto the king, and they related them to their father.
12 Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae.
And their father said unto them, Which way then went he? Now his sons had seen the way which the man of God went who had come in out of Judah.
13 Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la,
So he said unto his sons, Saddle for me, the ass. And they saddled for him the ass, and he rode thereon;
14 eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?” Eɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
and went after the man of God, and found him, sitting under an oak. And he said unto him—Art, thou, the man of God who came in out of Judah? And he said—I am.
15 Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.”
Then said he unto him, Come home with me, —and eat bread.
16 Mawu ƒe ame la gblɔ be, “Nyemate ŋu atrɔ ayi kpli wò o eye nyemate ŋu aɖu abolo alo ano tsi kpli wò le afi sia o.
And he said—I may not return with thee, nor go in with thee, —neither will I eat bread or drink water with thee, in this place;
17 Yehowa ƒe nya gblɔ nam be, ‘Mèkpɔ mɔ aɖu abolo alo ano tsi le afi ma alo àtrɔ agbɔ to mɔ si nèto yi la o.’”
for there came a message unto me by the word of Yahweh, Thou shalt neither eat bread, nor drink water there, —thou shalt not turn back to come by the way by which thou wentest.
18 Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.” Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee.
And he said to him-I also, am a prophet, like unto thee, and, a messenger, hath spoken unto me, by the word of Yahweh, saying—Bring him back with thee, into thy house, that he may eat bread, and drink water. He deceived him.
19 Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi.
So he went back with him, and did eat bread in his house, and drank water.
20 Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la.
And so it was, as, they, were sitting at the table, yea, so it was, that the word of Yahweh came unto the prophet who had brought him back;
21 Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o.
and he cried out unto the man of God who had come in out of Judah, saying, Thus, saith Yahweh, —Forasmuch as thou hast rebelled against the bidding of Yahweh, and hast not kept the commandment which Yahweh thy God commanded thee;
22 Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’”
but hast returned, and eaten bread and drunk water, in the place of which he said unto thee, Thou mayest neither eat bread nor drink water: thy dead body shall not enter the burying-place of thy fathers.
23 Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ.
And it came to pass, after he had eaten bread, and after he had drunk, that he saddled for him the ass, for the prophet whom he had brought back.
24 Esi Mawu ƒe ame la dze mɔ yina la, dzata aɖe do goe hewui. Eƒe kukua mlɔ mɔa dzi, tedzi la kple dzata la nɔ tsitre ɖe egbɔ.
And, when he had gone, there met him a lion by the way, and slew him, —and his dead body was cast out in the way, and, the ass, was standing near it, and, the lion, was standing near the dead body.
25 Emetsola aɖewo kpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi kple dzata si nɔ tsitre ɖe egbɔ eye woyi ɖagblɔ nya la le du si me nyagblɔɖila tsitsi la nɔ.
And lo! certain men, passing by, saw the dead body, cast out in the way, and the lion standing near the dead body, —so they came in, and spake [of it] in the city, wherein, the aged prophet, dwelt.
26 Esi nyagblɔɖila tsitsi la se nya si dzɔ la, edo ɣli be, “Mawu ƒe ame si mewɔ Yehowa ƒe se dzi o lae. Yehowa wɔ nya si wògblɔ la dzi eye wòna dzata la wui.”
And, when the prophet who had brought him back from the way heard of it, he said—The man of God, it is, who rebelled against the bidding of Yahweh, —therefore did Yahweh deliver him unto the lion, and it hath torn him and slain him, according to the word of Yahweh which he spake unto him.
27 Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi.
And he spake unto his sons, saying, Saddle for me the ass. And they saddled it.
28 Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o.
So he went and found his dead body, cast out in the way, with, the ass and the lion, standing near the dead body, —the lion had neither eaten the dead body, nor had it torn the ass.
29 Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii.
And the prophet took up the dead body of the man of God, and laid it upon the ass, and brought it back, —and the aged prophet came into the city, to make lamentation, and to bury him.
30 Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!”
And he laid his dead body in his own grave, —and they lamented over him, [saying] —Alas, my brother!
31 Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa,
And it came to pass, after he had buried him, that he spake unto his sons, saying, When I die, then shall ye bury me in the grave wherein the man of God is buried; beside his bones, lay my bones;
32 elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”
For the message which he proclaimed, by the ward of Yahweh, against the altar which is in Bethel, —and against all the houses of the high places which are in the cities of Samaria, shall surely come to pass.
33 Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla.
After this thing, Jeroboam turned not from his wicked way, —but again made, from the whole compass of the people, priests of high places, whomsoever he would, he installed, and he became priest of high places.
34 Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã.
And so this thing became the sin of the house of Jeroboam, —that it should be both taken away and destroyed, from off the face of the ground.

< Fiawo 1 13 >