< Fiawo 1 11 >

1 Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo.
Now King Solomon loved many foreign women including the daughter of Pharaoh—women of the Moabites, Ammonites, Edomites, Sidonians, and Hittites.
2 Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo akplɔ wo ade mawu bubuwo subɔsubɔ me hã la, Solomo ya ɖe wo.
They were from the nations about which Yahweh said to the people of Israel, “You will not go among them to marry, neither will they come among you, for they will certainly turn your heart to their gods.” In spite of this command, Solomon was affectionate toward these women in love.
3 Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu,
Solomon had seven hundred royal wives and three hundred concubines. His wives turned his heart away.
4 vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe.
For when Solomon grew old, his wives turned away his heart after other gods; his heart was not fully surrendered to Yahweh his God, as was the heart of David his father.
5 Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la.
For Solomon followed Ashtoreth, the goddess of the Sidonians, and he followed Molech, the disgusting idol of the Ammonites.
6 Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o.
Solomon did what was evil in the sight of Yahweh; he did not fully follow Yahweh as David his father had done.
7 Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã.
Then Solomon built a high place for Chemosh, the disgusting idol of Moab, on a hill east of Jerusalem, and also for Molech, the disgusting idol of the people of Ammon.
8 Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo.
He also built high places for all his foreign wives, who burned incense and sacrificed to their gods at them.
9 Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu.
Yahweh was angry with Solomon, because his heart had turned away from him, the God of Israel, even though he had appeared to him twice
10 Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o.
and commanded him about this very thing, that he should not go after other gods. But Solomon did not obey what Yahweh commanded.
11 Ale Yehowa gblɔ na Solomo be, “Esi wònye esiae nye wò nɔnɔme eye mèzɔ ɖe nye nubabla kple nye se siwo mede na wò nu o ta la, maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò kokoko eye matsɔe na tewòviwo dometɔ ɖeka.
Therefore Yahweh said to Solomon, “Because you have done this and have not kept the covenant and my statutes that I have commanded you, I will surely tear the kingdom from you and give it to your servant.
12 Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si.
However, for David your father's sake, I will not do it in your lifetime, but I will tear it out of the hand of your son.
13 Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.”
Yet I will not tear away all the kingdom; I will give one tribe to your son for David my servant's sake, and for the sake of Jerusalem, which I have chosen.”
14 Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom.
Then Yahweh raised up an adversary to Solomon, Hadad the Edomite. He was from the royal family of Edom.
15 Ƒe geɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔ sia, esi David kplɔ Yoab yi Edom be yewoaɖi Israelvi aɖewo, ame siwo ku le aʋa me la, Israelviwo wu ŋutsuwo katã kloe le Edomnyigba blibo la dzi.
When David was in Edom, Joab the captain of the army had gone up to bury the dead, every man who had been killed in Edom.
16 Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Joab and all Israel remained there six months until he had killed every male in Edom.
17 Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte.
But Hadad was taken with other Edomites by his father's servants into Egypt, since Hadad was still a little child.
18 Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo.
They left Midian and came to Paran, from where they took men with them to Egypt, to Pharaoh king of Egypt, who gave him a house and land and food.
19 Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe.
Hadad found great favor in the sight of Pharaoh, so that Pharaoh gave him a wife, his own wife's sister, the sister of Tahpenes the queen.
20 Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome.
The sister of Tahpenes gave birth to Hadad's son. They named him Genubath. Tahpenes raised him in Pharaoh's palace. So Genubath lived in Pharaoh's palace among the children of Pharaoh.
21 Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom.
While he was in Egypt, Hadad heard that David had lain down with his ancestors and that Joab the captain of the host was dead, Hadad said to Pharaoh, “Let me depart, so I may go to my own country.”
22 Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?” Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.”
Then Pharaoh said to him, “But what have you lacked with me, that you now seek to go to your own country?” Hadad answered, “Nothing. Please let me go.”
23 Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi.
God also raised up another adversary to Solomon, Rezon son of Eliada, who had fled from his master Hadadezer king of Zobah.
24 Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko.
Rezon gathered men to himself and became captain over a small force, when David defeated the men of Zobah. Rezon's men went to Damascus and lived there, and Rezon controlled Damascus.
25 Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi.
He was an enemy of Israel all the days of Solomon, along with the trouble that Hadad caused. Rezon abhorred Israel and reigned over Aram.
26 Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua.
Then Jeroboam son of Nebat, an Ephraimite of Zeredah, an official of Solomon, whose mother's name was Zeruah, a widow, also lifted up his hand against the king.
27 Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo.
He lifted up his hand against the king because Solomon had built up the place located at Millo and repaired the opening in the city wall of David his father.
28 Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu.
Jeroboam was a mighty man of valor. Solomon saw that the young man was industrious, so he gave him command over all the labor of the house of Joseph.
29 Gbe ɖeka esi Yeroboam nɔ dzodzom le Yerusalem la, Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo do goe. Ahiya do awu ʋlaya yeye aɖe na gbe ma gbe ƒe wɔnawo. Ahiya do go Yeroboam eye wòɖee ɖe aga be yeaƒo nu kplii. Esi wo ame eve la nɔ gbedzi la,
At that time, when Jeroboam went out of Jerusalem, the prophet Ahijah the Shilonite found him on the road. Now Ahijah had dressed in a new garment and the two men were alone in the field.
30 Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me.
Then Ahijah grabbed hold of the new garment that was on him and tore it into twelve pieces.
31 Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò!
He said to Jeroboam, “Take ten pieces, for Yahweh, the God of Israel, says, 'Look, I will tear the kingdom out of the hand of Solomon and I will give ten tribes to you
32 Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta
(but Solomon will have one tribe, for my servant David's sake and for Jerusalem's sake—the city that I have chosen out of all the tribes of Israel),
33 elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o.
because they have forsaken me and have worshiped Ashtoreth the goddess of the Sidonians, Chemosh the god of Moab, and Molech the god of the people of Ammon. They have not walked in my ways, to do what is right in my eyes, and to keep my statutes and my decrees, as did David his father.
34 “‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.
However, I will not take the whole kingdom out of Solomon's hand. Instead, I have made him ruler all the days of his life, for David my servant's sake whom I chose, the one who kept my commandments and my statutes.
35 Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò.
But I will take the kingdom out of his son's hand and I will give it to you, ten tribes.
36 Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta.
I will give one tribe to Solomon's son, so that David my servant may always have a lamp before me in Jerusalem, the city in which I have chosen to put my name.
37 Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo.
I will take you, and you will rule to fulfill all that you desire, and you will be king over Israel.
38 Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ.
If you listen to all that I command you, and if you walk in my ways and do what is right in my eyes, to keep my statutes and my commandments, as David my servant did, then I will be with you and will build you a sure house, as I built for David, and will give Israel to you.
39 Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’”
I will punish the descendants of David, but not forever.'”
40 Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku.
So Solomon tried to kill Jeroboam. But Jeroboam got up and fled into Egypt, to Shishak king of Egypt, and he remained in Egypt until the death of Solomon.
41 Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me.
As for the other matters concerning Solomon, all that he did and his wisdom, are they not written in the book of the events of Solomon?
42 Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene.
Solomon reigned in Jerusalem over all Israel for forty years.
43 Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.
He slept with his ancestors and he was buried in the city of David his father. Rehoboam his son became king in his place.

< Fiawo 1 11 >