< Fiawo 1 10 >

1 Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo.
Now when the queen of Sheba heard about the fame of Solomon concerning the name of the LORD, she came to test him with difficult questions.
2 Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume.
She arrived in Jerusalem with a very large caravan—with camels bearing spices, gold in great abundance, and precious stones. So she came to Solomon and spoke to him all that was on her mind.
3 Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.
And Solomon answered all her questions; nothing was too difficult for the king to explain.
4 Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,
When the queen of Sheba saw all the wisdom of Solomon, the palace he had built,
5 nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
the food at his table, the seating of his servants, the service and attire of his attendants and cupbearers, and the burnt offerings he presented at the house of the LORD, it took her breath away.
6 Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.
She said to the king, “The report I heard in my own country about your words and wisdom is true.
7 Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta!
But I did not believe these things until I came and saw with my own eyes. Indeed, not even half was told to me. Your wisdom and prosperity have far exceeded the report I heard.
8 Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!
How blessed are your men! How blessed are these servants of yours who stand continually before you and hear your wisdom!
9 Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!”
Blessed be the LORD your God, who has delighted in you to set you on the throne of Israel. Because of the LORD’s eternal love for Israel, He has made you king to carry out justice and righteousness.”
10 Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.
Then she gave the king 120 talents of gold, a great quantity of spices, and precious stones. Never again was such an abundance of spices brought in as those the queen of Sheba gave to King Solomon.
11 Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ.
(The fleet of Hiram that brought gold from Ophir also brought from Ophir a great cargo of almug wood and precious stones.
12 Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o.
The king made the almug wood into steps for the house of the LORD and for the king’s palace, and into lyres and harps for the singers. Never before had such almug wood been brought in, nor has such been seen to this day.)
13 Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de.
King Solomon gave the queen of Sheba all she desired—whatever she asked—besides what he had given her out of his royal bounty. Then she left and returned to her own country, along with her servants.
14 Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃
The weight of gold that came to Solomon each year was 666 talents,
15 hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu.
not including the revenue from the merchants, traders, and all the Arabian kings and governors of the land.
16 Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
King Solomon made two hundred large shields of hammered gold; six hundred shekels of gold went into each shield.
17 Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ la me le eƒe fiasã la me.
He also made three hundred small shields of hammered gold; three minas of gold went into each shield. And the king put them in the House of the Forest of Lebanon.
18 Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu.
Additionally, the king made a great throne of ivory and overlaid it with pure gold.
19 Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi.
The throne had six steps, and its back had a rounded top. There were armrests on both sides of the seat, with a lion standing beside each armrest.
20 Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o.
Twelve lions stood on the six steps, one at either end of each step. Nothing like this had ever been made for any kingdom.
21 Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
All King Solomon’s drinking cups were gold, and all the utensils of the House of the Forest of Lebanon were pure gold. There was no silver, because it was accounted as nothing in the days of Solomon.
22 Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
For the king had the ships of Tarshish at sea with Hiram’s fleet, and once every three years the ships of Tarshish would arrive bearing gold, silver, ivory, apes, and peacocks.
23 Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me.
So King Solomon surpassed all the kings of the earth in riches and wisdom.
24 Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me.
The whole world sought an audience with Solomon to hear the wisdom that God had put in his heart.
25 Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo va nanɛ ƒe sia ƒe.
Year after year, each visitor would bring his tribute: articles of silver and gold, clothing, weapons, spices, horses, and mules.
26 Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem.
Solomon accumulated 1,400 chariots and 12,000 horses, which he stationed in the chariot cities and also with him in Jerusalem.
27 Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
The king made silver as common in Jerusalem as stones, and cedar as abundant as sycamore in the foothills.
28 Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue.
Solomon’s horses were imported from Egypt and Kue; the royal merchants purchased them from Kue.
29 Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.
A chariot could be imported from Egypt for six hundred shekels of silver, and a horse for a hundred and fifty. Likewise, they exported them to all the kings of the Hittites and to the kings of Aram.

< Fiawo 1 10 >