< Yohanes 1 5 >
1 Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.
ⲁ̅ⲟⲩⲟⲛ ⲛⲓⲙ ⲉⲧⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ϫⲉ ⲓⲏⲥ ⲡⲉ ⲡⲉⲭⲥ ⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲟⲩⲟⲛ ⲛⲓⲙ ⲉⲧⲙⲉ ⲙⲡⲉⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ϣⲁϥⲙⲉⲣⲓ ⲡⲉⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ⲉⲃⲟⲗ ⲛϩⲏⲧϥ
2 Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a Mawu Viwo: to Mawu lɔlɔ̃ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ me.
ⲃ̅ⲁⲩⲱ ϩⲙ ⲡⲁⲓ ⲧⲉⲛⲉⲓⲙⲉ ϫⲉ ⲧⲉⲛⲙⲉ ⲛⲛϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϩⲟⲧⲁⲛ ⲉⲛϣⲁⲛⲙⲉⲣⲓ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲛⲧⲛⲉⲓⲣⲉ ⲛⲛⲉϥⲉⲛⲧⲟⲗⲏ
3 Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o.
ⲅ̅ⲧⲁⲓ ⲅⲁⲣ ⲧⲉ ⲧⲁⲅⲁⲡⲏ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲛⲉϩⲁⲣⲉϩ ⲛⲛⲉϥⲉⲛⲧⲟⲗⲏ ⲁⲩⲱ ⲛⲉϥⲉⲛⲧⲟⲗⲏ ⲥⲉϩⲟⲣϣ ⲁⲛ
4 Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi.
ⲇ̅ϫⲉ ⲟⲩⲟⲛ ⲛⲓⲙ ⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϣⲁϥϫⲣⲟ ⲉⲡⲕⲟⲥⲙⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲡⲉϫⲣⲟ ⲛⲧⲁϥϫⲣⲟ ⲉⲡⲕⲟⲥⲙⲟⲥ ⲡⲉ ⲧⲡⲓⲥⲧⲓⲥ
5 Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
ⲉ̅ⲛⲓⲙ ⲡⲉⲧϫⲣⲟⲉⲓⲧ ⲉⲡⲕⲟⲥⲙⲟⲥ ⲉⲓ ⲙⲏⲧⲉⲓ ⲡⲉⲧⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ϫⲉ ⲓⲏⲥ ⲡⲉ ⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ
6 Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu, elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la.
ⲋ̅ⲡⲁⲓ ⲡⲉⲛⲧⲁϥⲉⲓ ϩⲓⲧⲛ ⲟⲩⲙⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲟⲩⲥⲛⲟϥ ⲙⲛ ⲟⲩⲡⲛⲁ ⲡⲉⲭⲥ ⲓⲥ ϩⲙ ⲡⲙⲟⲟⲩ ⲙⲙⲁⲧⲉ ⲁⲛ ⲁⲗⲗⲁ ϩⲙ ⲡⲙⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲡⲉⲥⲛⲟϥ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲡⲛⲁ ⲡⲉⲧⲣ ⲙⲛⲧⲣⲉ ϫⲉ ⲡⲉⲡⲛⲁ ⲡⲉ ⲧⲙⲉ
7 Ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.
ⲍ̅ϫⲉ ⲡϣⲟⲙⲧ ⲉⲣ ⲙⲛⲧⲣⲉ
8 Eye ame etɔ̃ siawo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka.
ⲏ̅ⲡⲉⲡⲛⲁ ⲙⲛ ⲡⲙⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲡⲉⲥⲛⲟϥ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲓϣⲟⲙⲧ ⲟⲩⲁ ⲛⲉ
9 Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ sãa wu esiawo.
ⲑ̅ⲉϣϫⲉ ⲧⲉⲛϫⲓ ⲛⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ⲛⲛⲣⲱⲙⲉ ⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲛⲁⲁⲁⲥ ϫⲉ ⲧⲁⲓ ⲧⲉ ⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϫⲉ ⲁϥⲣ ⲙⲛⲧⲣⲉ ϩⲁⲡⲉϥϣⲏⲣⲉ
10 Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la, ewɔ Mawu aʋatsokalae, elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o.
ⲓ̅ⲡⲉⲧⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ⲉⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲟⲩⲛⲧⲁϥ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲛⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ϩⲣⲁⲓ ⲛϩⲏⲧϥ ⲡⲉⲧⲉ ⲛϥⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ⲁⲛ ⲉⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉϥⲉⲓⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲛⲣⲉϥϫⲓ ϭⲟⲗ ϫⲉ ⲙⲡⲉϥⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ⲉⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ⲛⲧⲁⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉⲣ ⲙⲛⲧⲣⲉ ⲙⲙⲟⲥ ϩⲁ ⲡⲉϥϣⲏⲣⲉ
11 Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me. (aiōnios )
ⲓ̅ⲁ̅ⲁⲩⲱ ⲧⲁⲓ ⲧⲉ ⲧⲙⲛⲧⲙⲛⲧⲣⲉ ϫⲉ ⲁⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϯ ⲛⲁⲛ ⲛⲟⲩⲱⲛϩ ⲛϣⲁ ⲉⲛⲉϩ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲓⲱⲛϩ ⲉϥϣⲟⲟⲡ ϩⲙ ⲡⲉϥϣⲏⲣⲉ (aiōnios )
12 Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
ⲓ̅ⲃ̅ⲡⲉⲧⲉ ⲟⲩⲛⲧⲁϥ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲙⲡϣⲏⲣⲉ ⲟⲩⲛⲧⲁϥ ⲙⲙⲁⲩ ⲙⲡⲱⲛϩ ⲡⲉⲧⲉ ⲙⲛⲧⲁϥ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲙⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲙⲛⲧⲁϥ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲙⲡⲱⲛϩ
13 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la, ale be mianya be agbe mavɔ le mia si. (aiōnios )
ⲓ̅ⲅ̅ⲛⲁⲓ ⲛⲧⲁⲓⲥϩⲁⲓⲥⲟⲩ ⲛⲏⲧⲛ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲧⲉⲧⲛⲁⲉⲓⲙⲉ ϫⲉ ⲟⲩⲛⲧⲏⲧⲛ ⲙⲙⲁⲩ ⲙⲡⲱⲛϩ ϣⲁ ⲉⲛⲉϩ ⲛⲉⲧⲡⲓⲥⲧⲉⲩⲉ ⲉⲡⲣⲁⲛ ⲙⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ (aiōnios )
14 Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me, be ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la, eɖoa to mí.
ⲓ̅ⲇ̅ⲁⲩⲱ ⲧⲁⲓ ⲧⲉ ⲧⲡⲡⲁⲣϩⲟⲩⲥⲓⲁ ⲉⲧⲉ ⲟⲩⲛⲧⲁⲛⲥ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲣⲟϥ ϫⲉ ⲡⲉⲧⲉⲛⲛⲁⲓⲧⲉⲓ ⲙⲙⲟϥ ⲕⲁⲧⲁ ⲡⲉϥⲟⲩⲱϣ ϥⲛⲁⲥⲱⲧⲙ ⲉⲣⲟⲛ
15 Eye ne míenyae be eɖoa to mí la, ekema nu sia nu si míebiae la, míenyae be míaƒe asi su edzi xoxo.
ⲓ̅ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲉϣϫⲉ ⲧⲉⲛⲥⲟⲟⲩⲛ ϫⲉ ϥⲥⲱⲧⲙ ⲉⲣⲟⲛ ϩⲙ ⲡⲉⲧⲉⲛⲛⲁⲓⲧⲉⲓ ⲙⲙⲟϥ ⲧⲛⲥⲟⲟⲩⲛ ϫⲉ ⲟⲩⲛⲧⲁⲛ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲛⲛⲉⲛⲏⲇⲏⲙⲁ ⲛⲧⲁⲛⲁⲓⲧⲉⲓ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲟⲟⲧϥ
16 Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.
ⲓ̅ⲋ̅ⲉϣⲱⲡⲉ ⲉⲣⲉϣⲁⲛⲛⲟⲩⲁ ⲛⲁⲩ ⲉⲡⲉϥⲥⲟⲛ ⲉϥⲣ ⲛⲟⲃⲉ ⲛⲟⲩⲛⲟⲃⲉ ⲁⲛ ⲉϥϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲙⲟⲩ ⲙⲁⲣⲉϥⲁⲓⲧⲉⲓ ⲛⲥⲉϯ ⲛⲁϥ ⲛⲛⲟⲩⲱⲛϩ ⲛⲛⲉⲧⲉ ⲛⲥⲉⲉⲣ ⲛⲟⲃⲉ ⲁⲛ ⲉϥϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲙⲟⲩ ⲟⲩⲛ ⲛⲟⲃⲉ ⲉϥϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲙⲟⲩ ⲛⲛⲉⲓϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ⲁⲛ ϫⲉ ⲉϥⲉⲥⲟⲡⲥ ⲉⲧⲃⲉ ⲡⲉⲧⲙⲙⲁⲩ
17 Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame yia ku mee o.
ⲓ̅ⲍ̅ϫⲓ ⲛϭⲟⲛⲥ ⲛⲓⲙ ⲟⲩⲛⲟⲃⲉ ⲡⲉ ⲁⲩⲱ ⲟⲩⲛⲟⲃⲉ ⲡⲉ ⲉϥϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲙⲟⲩ
18 Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o.
ⲓ̅ⲏ̅ⲧⲛⲥⲟⲟⲩⲛ ϫⲉ ⲟⲩⲟⲛ ⲛⲓⲙ ⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲙⲉϥⲣ ⲛⲟⲃⲉ ⲁⲗⲗⲁ ⲡⲉⲛⲧⲁⲩϫⲡⲟϥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϣⲁϥϩⲁⲣⲉϩ ⲉⲣⲟϥ ⲁⲩⲱ ⲙⲉⲣⲉⲡⲡⲟⲛⲏⲣⲟⲥ ϫⲱϩ ⲉⲣⲟϥ
19 Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.
ⲓ̅ⲑ̅ⲧⲉⲛⲥⲟⲟⲩⲛ ϫⲉ ⲁⲛⲟⲛ ϩⲉⲛⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲡⲕⲟⲥⲙⲟⲥ ⲧⲏⲣϥ ⲉϥⲕⲏ ϩⲙ ⲡⲟⲛⲏⲣⲟⲥ
20 Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la. (aiōnios )
ⲕ̅ⲁⲩⲱ ⲧⲉⲛⲥⲟⲟⲩⲛ ϫⲉ ⲁⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉⲓ ⲁϥϯ ⲛⲁⲛ ⲛⲟⲩⲙⲛⲧⲣⲙⲛϩⲏⲧ ϫⲉ ⲉⲛⲛⲉⲥⲟⲩⲉⲛ ⲧⲙⲉ ⲁⲩⲱ ⲧⲉⲛϣⲟⲟⲡ ϩⲙ ⲡⲙⲉ ϩⲣⲁⲓ ϩⲙ ⲡⲉϥϣⲏⲣⲉ ⲓⲏⲥ ⲡⲉⲭⲥ ⲡⲁⲓ ⲡⲉ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲙⲙⲉ ⲁⲩⲱ ⲡⲱⲛϩ ϣⲁ ⲉⲛⲉϩ (aiōnios )
21 Vinye lɔlɔ̃awo, miɖe mia ɖokuiwo ɖa le legbawo gbɔ.
ⲕ̅ⲁ̅ⲛⲁϣⲏⲣⲉ ϩⲁⲣⲉϩ ⲉⲣⲱⲧⲛ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲛⲉⲓⲇⲱⲗⲟⲛ