< Yohanes 1 4 >

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagbɔɖila geɖewo kaka ɖe xexea me.
Beloved, do not believe every spirit, but examine the spirits, whether they are of God, because many false prophets have gone out into the world.
2 Ale si míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye esi: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la tso Mawu gbɔ.
By this ye know the Spirit of God: every spirit that confesses Jesus Christ having come in flesh is of God,
3 Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexea me xoxo.
and every spirit that does not confess Jesus Christ has come in flesh is not of God. And this is that of the antichrist, which ye have heard that it comes, and is now in the world already.
4 Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.
Ye are of God, little children, and ye have overcome them, because greater is he in you than he in the world.
5 Wotso xexea me, eya ta woƒoa nu le xexea me ƒe nugɔmesese nu, eye xexea me ɖoa to wo.
They are of the world. Because of this they speak of the world, and the world hears them.
6 Míawo ya míetso Mawu gbɔ, eye ame sia ame si nya Mawu la ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ.
We are of God. He who knows God hears us. He who is not of God does not hear us. From this we know the spirit of truth, and the spirit of error.
7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu.
Beloved, we should love each other. Because love is of God, and every man who loves has been begotten of God, and knows God.
8 Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.
He who does not love does not know God, because God is love.
9 Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me.
By this the love of God was made known in us, because God sent his Son, the only begotten, into the world so that we might live through him.
10 Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.
In this is love, not that we loved God, but that he loved us, and sent his Son, an atonement for our sins.
11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la, ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo.
Beloved, if God so loved us, we also are obligated to love each other.
12 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.
No man has ever seen God. If we love each other, God abides in us, and his love is in us, having been fully perfected.
13 Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.
In this we know that we abide in him and he in us, because he has given us from his Spirit.
14 Míekpɔe, eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexea me ƒe Ɖela.
And we have seen and testify that the Father has sent the Son, a Savior of the world.
15 Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.
Whoever acknowledges that Jesus is the Son of God, God abides in him, and he in God.
16 Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.
And we know, and have believed the love that God has in us. God is love, and he who abides in love abides in God, and God abides in him.
17 Ewɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome, ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ.
By this love has been fully perfected with us, so that we may have boldness in the day of judgment, because just as that man is, we also are in this world.
18 Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.
Fear is not in love, but perfect love casts out fear, because fear holds punishment, and he who is afraid has not been fully perfected in love.
19 Míelɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu tre mía lɔlɔ̃.
We love him, because he first loved us.
20 Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o.
If any man says, I love God, and hates his brother, he is a liar. For he who does not love his brother whom he has seen, how can he love God whom he has not seen?
21 Mawu ŋutɔ de se na mí be ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.
And we have this commandment from him, so that he who loves God will also love his brother.

< Yohanes 1 4 >