< Yohanes 1 2 >

1 Vinye lɔlɔ̃awo, mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la li na mí, eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ.
My little children, I write these things to you, that you may not sin: and yet, if any one sin, we have an advocate with the Father, Jesus Christ the righteous.
2 Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.
And he is the expiation for our sins: not for ours only, but for the sins of the whole world.
3 Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã.
And by this we know that we do know him, if we keep his commandments.
4 Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ, eye nyateƒe mele eme o.
He that says, I know him, and keeps not his commandments, is a liar, and the truth is not in him.
5 Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me:
But whoever keeps his word, in him truly is the love of God perfected: by this we know that we are in him.
6 ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.
He that says, he abides in him, ought himself also so to walk, even as he walked.
7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo.
Beloved, I write no new commandment to you, but an old commandment, which you have had from the beginning; the old commandment is the word, which you have heard from the beginning.
8 Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo.
Again, a new commandment I do write to you, which is true as it respects him and you; because the darkness is past, and the true light now shines.
9 Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko.
He that says he is in the light, and hates his brother, is in darkness till now.
10 Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o.
He that loves his brother abides in the light, and there is in him no cause for offense.
11 Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.
He that hates his brother is in darkness, and walks in darkness; and he knows not whither he goes, because darkness has blinded his eyes.
12 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi Le eƒe ŋkɔ la ta.
I write to you, little children, because your sins are forgiven for his name’s sake.
13 Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
I write to you, fathers, because you have known him that is from the beginning. I write to you, young men, because you have overcome the wicked one. I write to you, my little children, because you have known the Father.
14 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena mienya Fofo la. Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena miesẽ ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me, Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
I have written to you, fathers, because you have known him that is from the beginning. I have written to you, young men, because you are strong, and the word of God abides in you, and you have overcome the wicked one.
15 Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o.
Love not the world, nor the things that are in the world. If any man loves the world, the love of the Father is not in him.
16 Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.
For all that is in the world, the desire of the flesh, and the desire of the eyes, and the pride of life, is not of the Father, but is of the world.
17 Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee. (aiōn g165)
And the world and its desire passes away: but he that does the will of God, abides forever. (aiōn g165)
18 Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo.
Little children, it is the last time; and, as you have heard that the antichrist is coming, even now there are many antichrists; by which we know that it is the last time.
19 Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.
They went out from us, but they were not of us: for, if they had been of us, they would have remained with us; but they went out, that they might be made manifest that they were not all of us.
20 Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe ami sisi le mia dzi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la.
And you have an anointing from the Holy One, and know all things.
21 Nyemeŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe mi ɖe esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o.
I have not written to you because you do not know the truth, but because you know it, and because no lie is of the truth.
22 Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ.
Who is a liar, but he that denies that Jesus is the Christ? He is antichrist, who denies the Father and the Son.
23 Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã.
Whoever denies the Son, has not the Father: he that confesses the Son, has the Father also.
24 Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la, ekema miayi edzi anɔ Vi la kple Fofo la me.
Let that, therefore, abide in you which you have heard from the beginning. If that abide in you which you have heard from the beginning, you also shall abide in the Son and in the Father.
25 Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la. (aiōnios g166)
And this is the promise which he has promised us, even eternal life. (aiōnios g166)
26 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu.
I have written these things to you concerning those who deceive you.
27 Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.
And the anointing which you have received from him abides in you; and you have no need that any one should teach you: but, as the same anointing teaches you concerning all things, and is true and is no lie, even as it has taught you, abide in it.
28 Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o.
And now, little children, abide in him, that when he appears, we may have confidence, and may not be made ashamed by him at his coming.
29 Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la, ekema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.
If you know that he is righteous, you know that every one that works righteousness has been begotten by him.

< Yohanes 1 2 >