< Korintotɔwo 1 1 >
1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,
Paul, an Apostle of Jesus Christ by the purpose of God, and Sosthenes the brother,
2 Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.
To the church of God which is in Corinth, to those who have been made holy in Christ Jesus, saints by the selection of God, with all those who in every place give honour to the name of our Lord Jesus Christ, their Lord and ours:
3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi.
Grace to you and peace from God our Father and the Lord Jesus Christ.
4 Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta.
I give praise to my God for you at all times, because of the grace of God which has been given to you in Christ Jesus;
5 Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me,
So that in him you have wealth in all things, in word and in knowledge of every sort;
6 eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me.
Even as the witness of the Christ has been made certain among you:
7 Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la.
So that having every grace you are living in the hope of the revelation of our Lord Jesus Christ;
8 Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.
Who will give you strength to the end, to be free from all sin in the day of our Lord Jesus Christ.
9 Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye.
God is true, through whom you have been given a part with his Son, Jesus Christ our Lord.
10 Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.
Now I make request to you, my brothers, in the name of our Lord Jesus Christ, that you will all say the same thing, and that there may be no divisions among you, so that you may be in complete agreement, in the same mind and in the same opinion.
11 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele.
Because it has come to my knowledge, through those of the house of Chloe, that there are divisions among you, my brothers.
12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”
That is, that some of you say, I am of Paul; some say, I am of Apollos; some say, I am of Cephas; and some say, I am Christ's.
13 Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia?
Is there a division in Christ? was Paul nailed to the cross for you? or were you given baptism in the name of Paul?
14 Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome.
I give praise to God that not one of you had baptism from me, but Crispus and Gaius;
15 Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o.
So that no one may be able to say that you had baptism in my name.
16 (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.)
And I gave baptism to the house of Stephanas; but I am not certain that any others had baptism from me.
17 Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.
For Christ sent me, not to give baptism, but to be a preacher of the good news: not with wise words, for fear that the cross of Christ might be made of no value.
18 Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm
For the word of the cross seems foolish to those who are on the way to destruction; but to us who are on the way to salvation it is the power of God.
19 elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me; eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.”
As it says in the holy Writings, I will put an end to the wisdom of the wise, and will put on one side the designs of those who have knowledge.
20 Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? (aiōn )
Where is the wise? where is he who has knowledge of the law? where is the man of this world who has a love of discussion? has not God made foolish the wisdom of this world? (aiōn )
21 Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la.
For because, by the purpose of God, the world, with all its wisdom, had not the knowledge of God, it was God's pleasure, by so foolish a thing as preaching, to give salvation to those who had faith in him.
22 Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya,
Seeing that the Jews make request for signs, and the Greeks are looking for knowledge:
23 ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o,
But we give the good news of Christ on the cross, a hard thing to the Jews, and a foolish thing to the Gentiles;
24 ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya.
But to those of God's selection, Jews and Greeks, Christ is the power and the wisdom of God.
25 Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.
Because what seems foolish in God is wiser than men; and what seems feeble in God is stronger than men.
26 Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.
For you see God's design for you, my brothers, that he has not taken a great number of the wise after the flesh, not the strong, not the noble:
27 Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo.
But God made selection of the foolish things of this world so that he might put the wise to shame; and the feeble things that he might put to shame the strong;
28 Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee,
And the low things of the world, and the things without honour, did God make selection of, yes, even the things which are not, so that he might make as nothing the things which are:
29 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.
So that no flesh might have glory before God.
30 Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi.
But God has given you a place in Christ Jesus, through whom God has given us wisdom and righteousness and salvation, and made us holy:
31 Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”
So that, as it is said in the holy Writings, Whoever has a desire for glory, let his glory be in the Lord.