< Korintotɔwo 1 8 >
1 Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo.
Now about food sacrificed to idols: We know that we all have knowledge. Knowledge puffs up, but love builds up.
2 Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o.
The one who thinks he knows something does not yet know as he ought to know.
3 Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana.
But the one who loves God is known by God.
4 Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.”
So about eating food sacrificed to idols: We know that an idol is nothing at all in the world, and that there is no God but one.
5 Ke ne Mawu bubuwo hã li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene la),
For even if there are so-called gods, whether in heaven or on earth (as there are many so-called gods and lords),
6 ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.
yet for us there is but one God, the Father, from whom all things came and for whom we exist. And there is but one Lord, Jesus Christ, through whom all things came and through whom we exist.
7 Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo.
But not everyone has this knowledge. Some people are still so accustomed to idols that they eat such food as if it were sacrificed to an idol. And since their conscience is weak, it is defiled.
8 Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o.
But food does not bring us closer to God: We are no worse if we do not eat, and no better if we do.
9 Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o.
Be careful, however, that your freedom does not become a stumbling block to the weak.
10 Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me.
For if someone with a weak conscience sees you who are well informed eating in an idol’s temple, will he not be encouraged to eat food sacrificed to idols?
11 Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me.
So this weak brother, for whom Christ died, is destroyed by your knowledge.
12 Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu.
By sinning against your brothers in this way and wounding their weak conscience, you sin against Christ.
13 Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o. (aiōn )
Therefore, if what I eat causes my brother to stumble, I will never eat meat again, so that I will not cause him to stumble. (aiōn )