< Korintotɔwo 1 7 >
1 Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o,
O čemž jste mi pak psali, k tomuť vám toto odpovídám: Dobréť by bylo člověku ženy se nedotýkati.
2 gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.
Ale pro uvarování se smilstva, jeden každý manželku svou měj a jedna každá měj muže svého.
3 Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ.
Muž k ženě povinnou přívětivost okazuj, a tak podobně i žena muži.
4 Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.
Žena vlastního těla svého v moci nemá, ale muž; též podobně i muž těla svého vlastního v moci nemá, ale žena.
5 Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.
Nezbavujte jeden druhého, leč by to bylo z společného svolení na čas, abyste se uprázdnili ku postu a k modlitbě; a potom zase k témuž se navraťte, aby vás nepokoušel satan pro nezdrželivost vaši.
6 Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o.
Ale toť pravím podle dopuštění, ne podle rozkazu.
7 Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ.
Nebo chtěl bych, aby všickni lidé tak byli jako já, ale jeden každý svůj vlastní dar od Boha má, jeden tak a jiný jinak.
8 Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene.
Pravím pak neženatým a vdovám: Dobré jest jim, aby tak zůstali jako i já.
9 Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.
Pakliť se nemohou zdržeti, nechažť v stav manželský vstoupí; nebo lépe jest v stav manželský vstoupiti nežli páliti se.
10 Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o.
Vdaným pak přikazuji ne já, ale Pán, řka: Manželka od muže neodcházej.
11 Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.
Pakliť by odešla, zůstaniž nevdaná, anebo smiř se s mužem svým. Tolikéž muž nepropouštěj ženy.
12 Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o.
Jiným pak pravím já, a ne Pán: Má-li který bratr manželku nevěřící, a ta povoluje býti s ním, nepropouštějž jí.
13 Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o.
A má-li která žena muže nevěřícího, a on chce býti s ní, nepropouštěj ho.
14 Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ.
Posvěcenť jest zajisté nevěřící muž pro ženu věřící, a žena nevěřící posvěcena jest pro muže; sic jinak děti vaši nečistí by byli, ale nyní svatí jsou.
15 Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me.
Pakliť nevěřící odjíti chce, nechať jde. Neníť manem bratr neb sestra v takové věci, ale ku pokoji povolal nás Bůh.
16 Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo wò ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃?
A kterak ty víš, ženo, získáš-li muže svého? Anebo co ty víš, muži, získáš-li ženu?
17 Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi.
Ale jakž jednomu každému odměřil Bůh a jakž jednoho každého povolal Pán, tak choď. A takť ve všech církvech řídím.
18 Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o.
Obřezaný někdo povolán jest? Neuvodiž na sebe neobřezání; pakli kdo v neobřízce povolán, neobřezuj se.
19 Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi.
Nebo obřízka nic není, a neobřízka také nic není, ale zachovávání přikázání Božích.
20 Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ.
Jeden každý v povolání tom, jímž povolán jest, zůstávej.
21 Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o.
Služebníkem byv, povolán jsi? Nedbej na to. Pakli bys mohl býti svobodný, raději toho užívej.
22 Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.
Nebo kdož jest v Pánu povolán, byv služebníkem, osvobozený jest Páně. Též podobně kdož jest povolán byv svobodný, služebník jest Kristův.
23 Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o.
Za mzdu koupeni jste, nebuďtež služebníci lidští.
24 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume.
Jeden každý, jakž povolán jest, bratří, v tom zůstávej před Bohem.
25 Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.
O pannách pak přikázání Páně nemám, ale však radu dávám, jakožto ten, jemuž z milosrdenství svého Pán dal věrným býti.
26 Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene.
Za toť pak mám, že jest to dobré pro nastávající potřebu, totiž že jest dobré člověku tak býti.
27 Ne èɖe srɔ̃ la, mègagbee o. Ne mèɖe srɔ̃ haɖe o la, mègaɖee o.
Přivázán-lis k ženě, nehledej rozvázání. Jsi-li prost od ženy, nehledej ženy.
28 Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe.
Pakli bys ses i oženil, nezhřešils, a vdala-li by se panna, nezhřešila; ale trápení těla míti budou takoví; jáť pak vám odpouštím.
29 Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene.
Ale totoť vám pravím, bratří, protože čas ostatní jest ukrácený: náležíť tedy, aby i ti, kteříž mají ženy, byli, jako by jich neměli.
30 Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene.
A kteříž plačí, jako by neplakali, a kteříž se radují, jako by se neradovali, a kteříž kupují, jako by nevládli,
31 Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie.
A kteříž užívají tohoto světa, jako by neužívali. Neboť pomíjí způsob tohoto světa.
32 Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu.
A já bych rád chtěl, abyste vy bez pečování byli. Nebo kdo ženy nemá, pečuje o to, což jest Páně, kterak by se líbil Pánu.
33 Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi.
Ale kdo se oženil, pečuje o věci tohoto světa, kterak by se líbil ženě.
34 Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi.
Rozdílnéť jsou jistě žena a panna. Nevdaná pečuje o to, což jest Páně, aby byla svatá i tělem i duchem, ale vdaná pečuje o věci světa, kterak by se líbila muži.
35 Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o.
Totoť pak pravím proto, abych vám to, což jest užitečnějšího, ukázal, ne abych na vás osidlo uvrhl, ale abyste slušně a případně Pána se přídrželi bez všeliké roztržitosti.
36 Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o.
Pakli kdo za neslušnou věc své panně pokládá pomíjení času k vdání, a tak by se státi mělo, učiň, jakžkoli chce, nezhřeší. Nechažť ji vdá.
37 Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie.
Ale kdož jest se pevně ustavil v srdci svém, a není mu toho potřeba, ale v moci má vlastní vůli svou, a to uložil v srdci svém, aby choval pannu svou, dobře činí.
38 Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu.
A tak i ten, kdož vdává pannu svou, dobře činí, ale kdo nevdává, lépe činí.
39 Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu.
Žena přivázána jest k manželství zákonem dotud, dokudž její muž živ jest. Pakli by umřel muž její, svobodná jest; můž se vdáti, za kohož chce, toliko v Pánu.
40 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.
Ale blahoslavenější jest, zůstala-li by tak, podle mého soudu. Mámť pak za to, žeť i já mám Ducha Božího.