< Korintotɔwo 1 6 >
1 Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ?
Smí někdo z vás, maje při s druhým, souditi se před nepravými, a ne před svatými?
2 Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o?
Nevíte-liž, že svatí svět souditi budou? I poněvadž od vás souzen býti má svět, kterakž nehodni jste těch nejmenších věcí rozsuzovati?
3 Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa?
Zdaliž nevíte, že anděly souditi budeme? Co pak tyto časné věci?
4 Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi?
Protož když byste měli míti soud o tyto časné věci, těmi, kteříž nejzadnější jsou v církvi, soud osaďte.
5 Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa?
K zahanbeníť vašemu to pravím. Tak-liž není mezi vámi moudrého ani jednoho, kterýž by mohl rozsouditi mezi bratřími svými?
6 Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ?
Ale bratr s bratrem soudí se, a to před nevěřícími?
7 Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o?
Již tedy konečně nedostatek mezi vámi jest, že soudy máte mezi sebou. Proč raději křivdy netrpíte? Proč raději škody nebéřete?
8 Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣe sia ɣi, eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu.
Nýbrž vy křivdu činíte, a k škodě přivodíte, a to bratří své.
9 Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo,
Zdaliž nevíte, že nespravedliví dědictví království Božího nedosáhnou? Nemylte se, ani smilníci, ani modláři, ani cizoložníci, ani měkcí, ani samcoložníci,
10 fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Ani zloději, ani lakomci, ani opilci, ani zlolejci, ani dráči dědictví království Božího nedůjdou.
11 Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.
A takoví jste někteří byli, ale obmyti jste, ale posvěceni jste, ale ospravedlněni jste ve jménu Pána Jezukrista a skrze Ducha Boha našeho.
12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.
Všecko mi sluší, ale ne všecko prospívá; všecko mi sluší, ale jáť žádné z těch věcí v moc nebudu podmaněn.
13 Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.
Pokrmové břichu, a břicho pokrmům; Bůh pak i břicho i pokrmy zkazí. Ale tělo ne smilstvu, ale Pánu, a Pán tělu.
14 Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene.
Bůh pak i Pána vzkřísil, i nás také vzkřísí mocí svou.
15 Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!
Nevíte-liž, že těla vaše jsou oudové Kristovi? Což tedy vezma oudy Kristovy, učiním je oudy nevěstky? Odstup to.
16 Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.”
Zdaliž nevíte, že kdož se připojuje k nevěstce, jedno tělo jest s ní? Nebo dí: Budou dva jedno tělo.
17 Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.
Ten pak, kdož se připojuje Pánu, jeden duch jest s ním.
18 Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu.
Utíkejte smilstva. Všeliký hřích, kterýžkoli učinil by člověk, kromě těla jest, ale kdož smilní, ten proti svému vlastnímu tělu hřeší.
19 Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o,
Zdaliž nevíte, že tělo vaše jest chrám Ducha svatého v vás? Kteréhož máte od Boha, a nejste sami svoji.
20 elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
Nebo koupeni jste za mzdu. Oslavujtež tedy Boha tělem svým i duchem svým, kteréžto věci Boží jsou.