< Korintotɔwo 1 5 >

1 Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.
ܤܟܐ ܡܫܬܡܥܐ ܒܝܢܬܟܘܢ ܙܢܝܘܬܐ ܘܕܐܝܟ ܗܕܐ ܙܢܝܘܬܐ ܐܝܕܐ ܕܐܦܠܐ ܒܝܬ ܚܢܦܐ ܡܫܬܡܗܐ ܥܕܡܐ ܕܢܤܒ ܒܪܐ ܐܢܬܬ ܐܒܘܗܝ
2 Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!
ܘܐܢܬܘܢ ܚܬܝܪܝܢ ܐܢܬܘܢ ܘܠܐ ܕܝܢ ܝܬܝܪܐܝܬ ܝܬܒܬܘܢ ܒܐܒܠܐ ܕܢܫܬܩܠ ܡܢ ܒܝܢܬܟܘܢ ܗܘ ܡܢ ܕܗܢܐ ܤܘܥܪܢܐ ܤܥܪ
3 Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mebua ta me vevie le nu sia ŋu eye le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me la, meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi abe ɖe mele mia dome ene.
ܐܢܐ ܓܝܪ ܟܕ ܪܚܝܩ ܐܢܐ ܡܢܟܘܢ ܒܦܓܪ ܘܩܪܝܒ ܐܢܐ ܠܟܘܢ ܒܪܘܚ ܡܢ ܟܕܘ ܕܢܬ ܐܝܟ ܩܪܝܒܐ ܠܗܘ ܡܢ ܕܗܕܐ ܤܥܪ
4 Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me.
ܕܒܫܡܗ ܕܡܪܢ ܝܫܘܥ ܡܫܝܚܐ ܬܬܟܢܫܘܢ ܟܠܟܘܢ ܘܐܢܐ ܥܡܟܘܢ ܒܪܘܚ ܥܡ ܚܝܠܗ ܕܡܪܢ ܝܫܘܥ ܡܫܝܚܐ
5 Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va.
ܘܬܫܠܡܘܢܗ ܠܗܢܐ ܠܤܛܢܐ ܠܐܒܕܢܐ ܕܦܓܪܗ ܕܒܪܘܚ ܢܚܐ ܒܝܘܡܗ ܕܡܪܢ ܝܫܘܥ ܡܫܝܚܐ
6 Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?
ܠܐ ܫܦܝܪ ܫܘܒܗܪܟܘܢ ܠܐ ܝܕܥܝܢ ܐܢܬܘܢ ܕܚܡܝܪܐ ܩܠܝܠ ܟܠܗ ܓܒܝܠܬܐ ܡܚܡܥ
7 Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí.
ܕܟܘ ܡܢܟܘܢ ܚܡܝܪܐ ܥܬܝܩܐ ܕܬܗܘܘܢ ܓܒܝܠܬܐ ܚܕܬܐ ܐܝܟܢܐ ܕܐܝܬܝܟܘܢ ܦܛܝܪܐ ܦܨܚܐ ܓܝܪ ܕܝܠܢ ܡܫܝܚܐ ܗܘ ܕܐܬܢܟܤ ܚܠܦܝܢ
8 Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.
ܡܛܠ ܗܢܐ ܢܥܒܕ ܥܕܥܕܐ ܠܐ ܒܚܡܝܪܐ ܥܬܝܩܐ ܘܠܐ ܒܚܡܝܪܐ ܕܒܝܫܘܬܐ ܘܕܡܪܝܪܘܬܐ ܐܠܐ ܒܚܡܝܪܐ ܕܕܟܝܘܬܐ ܘܕܩܕܝܫܘܬܐ
9 Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o.
ܟܬܒܬ ܠܟܘܢ ܒܐܓܪܬܐ ܕܠܐ ܬܬܚܠܛܘܢ ܥܡ ܙܢܝܐ
10 Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o.
ܠܐ ܕܝܢ ܐܡܪ ܐܢܐ ܥܠ ܙܢܝܐ ܕܒܥܠܡܐ ܗܢܐ ܐܘ ܥܠ ܥܠܘܒܐ ܐܘ ܥܠ ܚܛܘܦܐ ܐܘ ܥܠ ܦܠܚܝ ܦܬܟܪܐ ܘܐܢ ܠܐ ܚܝܒܝܢ ܗܘܝܬܘܢ ܐܦ ܡܢ ܥܠܡܐ ܠܡܦܩ
11 Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.
ܗܕܐ ܕܝܢ ܕܟܬܒܬ ܠܟܘܢ ܕܠܐ ܬܬܚܠܛܘܢ ܐܢ ܐܝܬ ܕܡܬܩܪܐ ܐܚܐ ܘܐܝܬܘܗܝ ܙܢܝܐ ܐܘ ܥܠܘܒܐ ܐܘ ܦܠܚ ܦܬܟܪܐ ܐܘ ܡܨܥܪܢ ܐܘ ܪܘܝ ܐܘ ܚܛܘܦ ܥܡ ܐܝܢܐ ܕܗܟܢܐ ܗܘ ܐܦܠܐ ܠܚܡܐ ܠܡܐܟܠ
12 Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm.
ܡܐ ܠܝ ܓܝܪ ܠܡܕܢ ܠܒܪܝܐ ܐܢܬܘܢ ܠܕܠܓܘ ܕܘܢܘ
13 Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”
ܠܒܪܝܐ ܕܝܢ ܐܠܗܐ ܕܐܢ ܘܫܘܩܠܘܗܝ ܠܒܝܫܐ ܡܢ ܒܝܢܬܟܘܢ

< Korintotɔwo 1 5 >