< Korintotɔwo 1 4 >

1 Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go, eye to esia me la, míahe yayra geɖe vɛ na amewo.
sic nos existimet homo ut ministros Christi et dispensatores mysteriorum Dei
2 Nu si le vevie na dɔla lae nye be wòakpɔ egbɔ be yenye nuteƒewɔla.
hic iam quaeritur inter dispensatores ut fidelis quis inveniatur
3 Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o.
mihi autem pro minimo est ut a vobis iudicer aut ab humano die sed neque me ipsum iudico
4 Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o.
nihil enim mihi conscius sum sed non in hoc iustificatus sum qui autem iudicat me Dominus est
5 Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.
itaque nolite ante tempus iudicare quoadusque veniat Dominus qui et inluminabit abscondita tenebrarum et manifestabit consilia cordium et tunc laus erit unicuique a Deo
6 Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o.
haec autem fratres transfiguravi in me et Apollo propter vos ut in nobis discatis ne supra quam scriptum est unus adversus alterum infletur pro alio
7 Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?
quis enim te discernit quid autem habes quod non accepisti si autem accepisti quid gloriaris quasi non acceperis
8 Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi.
iam saturati estis iam divites facti estis sine nobis regnastis et utinam regnaretis ut et nos vobiscum regnaremus
9 Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ.
puto enim Deus nos apostolos novissimos ostendit tamquam morti destinatos quia spectaculum facti sumus mundo et angelis et hominibus
10 Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko!
nos stulti propter Christum vos autem prudentes in Christo nos infirmi vos autem fortes vos nobiles nos autem ignobiles
11 Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu vuvu teti hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ.
usque in hanc horam et esurimus et sitimus et nudi sumus et colaphis caedimur et instabiles sumus
12 Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo.
et laboramus operantes manibus nostris maledicimur et benedicimus persecutionem patimur et sustinemus
13 Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene.
blasphemamur et obsecramus tamquam purgamenta huius mundi facti sumus omnium peripsima usque adhuc
14 Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.
non ut confundam vos haec scribo sed ut filios meos carissimos moneo
15 Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe.
nam si decem milia pedagogorum habeatis in Christo sed non multos patres nam in Christo Iesu per evangelium ego vos genui
16 Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la.
rogo ergo vos imitatores mei estote
17 Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.
ideo misi ad vos Timotheum qui est filius meus carissimus et fidelis in Domino qui vos commonefaciat vias meas quae sunt in Christo sicut ubique in omni ecclesia doceo
18 Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o.
tamquam non venturus sim ad vos sic inflati sunt quidam
19 Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm.
veniam autem cito ad vos si Dominus voluerit et cognoscam non sermonem eorum qui inflati sunt sed virtutem
20 Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me.
non enim in sermone est regnum Dei sed in virtute
21 Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?
quid vultis in virga veniam ad vos an in caritate et spiritu mansuetudinis

< Korintotɔwo 1 4 >