< Korintotɔwo 1 3 >

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene.
And I, brothers, was not able to speak to you as to spiritual, but as to fleshly—as to babies in Christ;
2 Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom
with milk I fed you, and not with meat, for you were not yet able, but not even yet are you now able,
3 elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.
for yet you are fleshly, for where [there is] among you envying, and strife, and divisions, are you not fleshly, and walk in the manner of men?
4 Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?
For when one may say, “I, indeed, am of Paul,” and another, “I—of Apollos,” are you not fleshly?
5 Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se.
Who, then, is Paul, and who Apollos, but servants through whom you believed, and to each as the LORD gave?
6 Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me.
I planted, Apollos watered, but God was giving growth;
7 Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o.
so that neither is he who is planting anything, nor he who is watering, but He who is giving growth—God;
8 Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu.
and he who is planting and he who is watering are one, and each will receive his own reward according to his own labor,
9 Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o.
for we are fellow-workmen of God; you are God’s tillage, God’s building.
10 Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti.
According to the grace of God that was given to me, as a wise master-builder, I have laid a foundation, and another builds on [it],
11 Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o.
for no one is able to lay another foundation except that which is laid, which is Jesus the Christ;
12 Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe.
and if anyone builds on this foundation gold, silver, precious stones, wood, hay, straw—
13 Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã?
the work will become visible of each, for the day will declare [it], because it is revealed in fire, and the work of each, what kind it is, the fire will prove;
14 Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu.
if the work of anyone remains that he built on [it], he will receive a wage;
15 Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzo bibi me ene.
if the work of any is burned up, he will suffer loss, but himself will be saved, but so as through fire.
16 Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa?
Have you not known that you are a temple of God, and the Spirit of God dwells in you?
17 Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia.
If anyone ruins the temple of God, God will ruin him; for the temple of God is holy, which you are.
18 Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo. (aiōn g165)
Let no one deceive himself; if anyone seems to be wise among you in this age—let him become a fool, that he may become wise, (aiōn g165)
19 Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Abe ale si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me ene be, “Elé nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me.”
for the wisdom of this world is foolishness with God, for it has been written: “Who is taking the wise in their craftiness”;
20 Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.”
and again, “The LORD knows the reasonings of the wise, that they are vain.”
21 Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ,
So then, let no one glory in men, for all things are yours,
22 eɖanye Paulo loo, alo Apolo o, Kefa, xexe sia me agbe, ku, egbeŋkeke alo etsɔ si gbɔna o, wo katã nye mia tɔ,
whether Paul, or Apollos, or Cephas, or the world, or life, or death, or things present, or things about to be—all are yours,
23 eye mienye Kristo tɔ, ale Kristo hã nye Mawu tɔ.
and you [are] Christ’s, and Christ [is] God’s.

< Korintotɔwo 1 3 >