< Korintotɔwo 1 2 >

1 Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o,
А я, як прийшов до вас, браття, не прийшов вам звіщати про Боже свідо́цтво з добі́рною мовою або мудрістю,
2 elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o.
бо я наду́мавсь нічого між вами не знати, крім Ісуса Христа, і Того розп'я́того.
3 Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya.
І я в вас був у немочі, і в страху́, і в великім тремті́нні.
4 Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.
І слово моє й моя проповідь — не в слова́х переко́нливих лю́дської мудрости, але́ в до́казі Духа та сили,
5 Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o.
щоб була́ віра ваша не в мудрості лю́дській, але в силі Божій!
6 Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. (aiōn g165)
А ми гово́римо про мудрість між досконалими, але мудрість не віку цього, ані володарів цього віку, що гинуть, (aiōn g165)
7 Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. (aiōn g165)
але́ ми гово́римо Божу мудрість у таємниці, прихо́вану, яку Бог перед віками призна́чив нам на славу, (aiōn g165)
8 Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. (aiōn g165)
яку ніхто з володарів цього віку не пізнав; коли б бо пізнали були́, то не розп'яли́ б вони Господа слави! (aiōn g165)
9 Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.
Але, як написано: „Чого око не бачило й вухо не чуло, і що на серце люди́ні не впало, те Бог приготува́в був тим, хто любить Його!“
10 Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.
А нам Бог відкрив це Своїм Духом, — усе бо досліджує Дух, навіть Божі глиби́ни.
11 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko.
Хто бо з людей знає речі лю́дські, окрім лю́дського духа, що в нім проживає? Так само не знає ніхто й речей Божих, окрім Духа Божого.
12 Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí.
А ми прийняли́ духа не світу, але Духа, що з Бога, щоб знати про речі, від Бога даро́вані нам,
13 Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.
що й говоримо не ви́вченими словами лю́дської мудрости, але ви́вченими від Духа Святого, порі́внюючи духовне до духовного.
14 Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.
А люди́на тіле́сна не приймає речей, що від Божого Духа, бо їй це глупо́та, і вона зрозуміти їх не може, бо вони розуміються тільки духовно.
15 Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.
Духовна ж люди́на су́дить усе, а її судити не може ніхто.
16 “Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae afia nui?” Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si.
Бо „хто розум Господній пізнав, який би його міг навчати?“А ми маємо розум Христів!

< Korintotɔwo 1 2 >