< Korintotɔwo 1 16 >

1 Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia.
περι δε της λογιας της εις τους αγιους ωσπερ διεταξα ταις εκκλησιαις της γαλατιας ουτως και υμεις ποιησατε
2 Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.
κατα μιαν σαββατων εκαστος υμων παρ εαυτω τιθετω θησαυριζων ο τι αν ευοδωται ινα μη οταν ελθω τοτε λογιαι γινωνται
3 Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi.
οταν δε παραγενωμαι ους εαν δοκιμασητε δι επιστολων τουτους πεμψω απενεγκειν την χαριν υμων εις ιερουσαλημ
4 Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖekae.
εαν δε η αξιον του καμε πορευεσθαι συν εμοι πορευσονται
5 Mayi Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
ελευσομαι δε προς υμας οταν μακεδονιαν διελθω μακεδονιαν γαρ διερχομαι
6 Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu.
προς υμας δε τυχον παραμενω η και παραχειμασω ινα υμεις με προπεμψητε ου εαν πορευωμαι
7 Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam.
ου θελω γαρ υμας αρτι εν παροδω ιδειν ελπιζω δε χρονον τινα επιμειναι προς υμας εαν ο κυριος επιτρεπη
8 Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi,
επιμενω δε εν εφεσω εως της πεντηκοστης
9 elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ.
θυρα γαρ μοι ανεωγεν μεγαλη και ενεργης και αντικειμενοι πολλοι
10 Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene.
εαν δε ελθη τιμοθεος βλεπετε ινα αφοβως γενηται προς υμας το γαρ εργον κυριου εργαζεται ως και εγω
11 Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem le ŋutifafa me. Mele mɔ kpɔm be makpɔ eya kple nɔvi bubu siwo trɔ gbɔna la kaba.
μη τις ουν αυτον εξουθενηση προπεμψατε δε αυτον εν ειρηνη ινα ελθη προς με εκδεχομαι γαρ αυτον μετα των αδελφων
12 Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ.
περι δε απολλω του αδελφου πολλα παρεκαλεσα αυτον ινα ελθη προς υμας μετα των αδελφων και παντως ουκ ην θελημα ινα νυν ελθη ελευσεται δε οταν ευκαιρηση
13 Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu.
γρηγορειτε στηκετε εν τη πιστει ανδριζεσθε κραταιουσθε
14 Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃.
παντα υμων εν αγαπη γινεσθω
15 Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi.
παρακαλω δε υμας αδελφοι οιδατε την οικιαν στεφανα οτι εστιν απαρχη της αχαιας και εις διακονιαν τοις αγιοις εταξαν εαυτους
16 Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu.
ινα και υμεις υποτασσησθε τοις τοιουτοις και παντι τω συνεργουντι και κοπιωντι
17 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe.
χαιρω δε επι τη παρουσια στεφανα και φουρτουνατου και αχαικου οτι το υμων υστερημα ουτοι ανεπληρωσαν
18 Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
ανεπαυσαν γαρ το εμον πνευμα και το υμων επιγινωσκετε ουν τους τοιουτους
19 Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me.
ασπαζονται υμας αι εκκλησιαι της ασιας ασπαζονται υμας εν κυριω πολλα ακυλας και πρισκιλλα συν τη κατ οικον αυτων εκκλησια
20 Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go.
ασπαζονται υμας οι αδελφοι παντες ασπασασθε αλληλους εν φιληματι αγιω
21 Nye Paulo, meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi.
ο ασπασμος τη εμη χειρι παυλου
22 Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va!
ει τις ου φιλει τον κυριον ιησουν χριστον ητω αναθεμα μαραν αθα
23 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
η χαρις του κυριου ιησου χριστου μεθ υμων
24 Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã le Kristo Yesu me. Amen.
η αγαπη μου μετα παντων υμων εν χριστω ιησου αμην

< Korintotɔwo 1 16 >