< Korintotɔwo 1 15 >

1 Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi.
Now I declare to you, brothers, the gospel which I preached to you, which also you received, in which you also stand,
2 Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro.
by which also you are saved, if you hold firmly the word which I preached to you—unless you believed in vain.
3 Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene.
For I delivered to you first of all that which I also received: that Messiah died for our sins according to the Scriptures,
4 Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene.
that he was buried, that he was raised on the third day according to the Scriptures,
5 Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe.
and that he appeared to Cephas, then to the twelve.
6 Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku.
After that he appeared to over five hundred brothers at once, most of whom remain until now, but some have also fallen asleep.
7 Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe.
After that he appeared to James, then to all the apostles,
8 Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene.
and last of all, as to the child born at the wrong time, he appeared to me also.
9 Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o.
For I am the least of the apostles, who is not worthy to be called an apostle, because I persecuted the church of God.
10 Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.
But by the grace of God I am what I am. His grace which was bestowed on me was not futile, but I worked more than all of them; yet not I, but the grace of God which was with me.
11 Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se.
Whether then it was I or they, this is what we preach, and this is what you believed.
12 Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã?
Now if Messiah is preached, that he has been raised from the dead, how do some among you say that there is no resurrection of the dead?
13 Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o.
But if there is no resurrection of the dead, neither has Messiah been raised.
14 Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawudzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o,
If Messiah has not been raised, then our preaching is in vain, and your faith also is in vain.
15 eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me.
Yes, we are found false witnesses of God, because we testified about God that he raised up Messiah, whom he did not raise up, if it is so that the dead are not raised.
16 Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko.
For if the dead are not raised, neither has Messiah been raised.
17 Ke ne Kristo metsi tsitre o la, míaƒe xɔse nye dzodzro, eye míegale míaƒe nu vɔ̃wo me.
If Messiah has not been raised, your faith is vain; you are still in your sins.
18 Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu,
Then they also who are fallen asleep in Messiah have perished.
19 eye ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖe ko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã.
If we have only hoped in Messiah in this life, we are of all people most to be pitied.
20 Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpeakpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka.
But now Messiah has been raised from the dead, the first fruits of those who are asleep.
21 Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ.
For since death came by a man, the resurrection of the dead also came by a man.
22 Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me.
For as in Adam all die, so also in Messiah all will be made alive.
23 Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe.
But each in his own order: Messiah the first fruits, then those who are Messiah's, at his coming.
24 Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la.
Then the end comes, when he will deliver up the Kingdom to God, even the Father; when he will have abolished all rule and all authority and power.
25 Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,
For he must reign until he has put all his enemies under his feet.
26 eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa,
The last enemy that will be abolished is death.
27 elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la ya dzi o.
For, "He put all things under his feet." But when he says "all things" are put under, it is evident that the one who put all things under is the exception.
28 Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu ƒe Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la azu tatɔ alo dziɖula gãtɔ.
When all things have been subjected to him, then the Son will also himself be subjected to him who subjected all things to him, that God may be all in all.
29 Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidede ta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka ta wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o?
Or else what will they do who are baptized for the dead? If the dead are not raised at all, why then are they baptized for them?
30 Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi?
Why do we also stand in jeopardy every hour?
31 Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asi me gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la me la ta ene.
I affirm, brothers, by the boasting in you which I have in Messiah Jesus our Lord, I die daily.
32 Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, “Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.”
If I fought with animals at Ephesus for human purposes, what does it profit me? If the dead are not raised, then "let us eat and drink, for tomorrow we die."
33 Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo.
Do not be deceived. "Bad company corrupts good morals."
34 Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi.
Become sober-minded, and do not sin, for some are ignorant about God. I say this to your shame.
35 Ke ame aɖe abia be, “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?”
But someone will say, "How are the dead raised?" and, "With what kind of body do they come?"
36 Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Ne mietsɔ nuku aɖe de to me la, metsina zua ati o negbe ɖeko “wòaku” gbã hafi.
You foolish one, that which you yourself sow is not made alive unless it dies.
37 Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã.
That which you sow, you do not sow the body that will be, but a bare grain, maybe of wheat, or of some other kind.
38 Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me.
But God gives it a body even as it pleased him, and to each seed a body of its own.
39 Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo.
All flesh is not the same flesh, but there is one flesh of humans, another flesh of animals, another of fish, and another of birds.
40 Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigbadzitɔ gbɔ. Nenema ke woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe.
There are also celestial bodies, and terrestrial bodies; but the glory of the celestial differs from that of the terrestrial.
41 Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si, eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me.
There is one glory of the sun, another glory of the moon, and another glory of the stars; for one star differs from another star in glory.
42 Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna, eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o.
So also is the resurrection of the dead. It is sown in corruption; it is raised in incorruption.
43 Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu.
It is sown in dishonor; it is raised in glory. It is sown in weakness; it is raised in power.
44 Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema ke ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li.
It is sown a natural body; it is raised a spiritual body. There is a natural body and there is also a spiritual body.
45 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe.
So also it is written, "The first man, Adam, became a living soul." The last Adam became a life-giving spirit.
46 Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va.
However that which is spiritual is not first, but that which is natural, then that which is spiritual.
47 Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo.
The first man is of the earth, made of dust. The second man is from heaven.
48 Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si.
As is the one made of dust, such are those who are also made of dust; and as is the heavenly, such are they also that are heavenly.
49 Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka.
As we have borne the image of those made of dust, let us also bear the image of the heavenly.
50 Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o.
Now I say this, brothers, that flesh and blood cannot inherit the Kingdom of God; neither does corruption inherit incorruption.
51 Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã.
Look, I tell you a mystery. We will not all sleep, but we will all be changed,
52 Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.
in a moment, in the twinkling of an eye, at the last trumpet. For the trumpet will sound, and the dead will be raised incorruptible, and we will be changed.
53 Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee.
For this corruptible must put on incorruption, and this mortal must put on immortality.
54 Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.”
But when this corruptible will have put on incorruption, and this mortal will have put on immortality, then what is written will happen: "Death is swallowed up in victory."
55 O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le? (Hadēs g86)
"Death, where is your victory? Death, where is your sting?" (Hadēs g86)
56 Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la.
The sting of death is sin, and the power of sin is the law.
57 Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
But thanks be to God, who gives us the victory through our Lord Jesus (the) Messiah.
58 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.
Therefore, my beloved brothers, be steadfast, immovable, always abounding in the Lord's work, because you know that your labor is not in vain in the Lord.

< Korintotɔwo 1 15 >