< Korintotɔwo 1 14 >

1 Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ.
ܗܪܛܘ ܒܬܪ ܚܘܒܐ ܘܛܢܘ ܒܡܘܗܒܬܐ ܕܪܘܚܐ ܝܬܝܪܐܝܬ ܕܝܢ ܕܬܬܢܒܘܢ
2 Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla.
ܡܢ ܕܡܡܠܠ ܓܝܪ ܒܠܫܢܐ ܠܐ ܗܘܐ ܠܒܢܝܢܫܐ ܡܡܠܠ ܐܠܐ ܠܐܠܗܐ ܠܐ ܓܝܪ ܐܢܫ ܫܡܥ ܡܕܡ ܕܡܡܠܠ ܐܠܐ ܒܪܘܚ ܐܪܙܐ ܡܡܠܠ
3 Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo.
ܐܝܢܐ ܕܝܢ ܕܡܬܢܒܐ ܠܒܢܝܢܫܐ ܡܡܠܠ ܒܢܝܢܐ ܘܠܘܒܒܐ ܘܒܘܝܐܐ
4 Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me.
ܕܡܡܠܠ ܒܠܫܢܐ ܢܦܫܗ ܗܘ ܒܢܐ ܘܕܡܬܢܒܐ ܥܕܬܐ ܒܢܐ
5 Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede.
ܨܒܐ ܐܢܐ ܕܝܢ ܕܟܠܟܘܢ ܬܡܠܠܘܢ ܒܠܫܢܐ ܝܬܝܪܐܝܬ ܕܝܢ ܕܬܬܢܒܘܢ ܪܒ ܗܘ ܓܝܪ ܐܝܢܐ ܕܡܬܢܒܐ ܡܢ ܗܘ ܕܡܡܠܠ ܒܠܫܢܐ ܐܢ ܠܐ ܡܦܫܩ ܐܢ ܕܝܢ ܡܦܫܩ ܥܕܬܐ ܒܢܐ
6 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.
ܘܗܫܐ ܐܚܝ ܐܢ ܐܬܐ ܠܘܬܟܘܢ ܘܐܡܠܠ ܥܡܟܘܢ ܒܠܫܢܐ ܡܢܐ ܡܘܬܪ ܐܢܐ ܠܟܘܢ ܐܠܐ ܐܢ ܐܡܠܠ ܥܡܟܘܢ ܐܘ ܒܓܠܝܢܐ ܐܘ ܒܝܕܥܬܐ ܐܘ ܒܢܒܝܘܬܐ ܐܘ ܒܝܘܠܦܢܐ
7 Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ.
ܐܦ ܨܒܘܬܐ ܓܝܪ ܐܝܠܝܢ ܕܠܝܬ ܒܗܝܢ ܢܦܫܐ ܘܝܗܒܢ ܩܠܐ ܐܢ ܐܒܘܒܐ ܘܐܢ ܩܝܬܪܐ ܐܢ ܦܘܪܫܢܐ ܠܐ ܥܒܕܢ ܒܝܬ ܩܝܢܬܐ ܠܚܒܪܬܗ ܐܝܟܢܐ ܡܬܝܕܥ ܡܕܡ ܕܡܙܕܡܪ ܐܘ ܡܕܡ ܕܡܬܢܩܫ
8 Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe?
ܘܐܢ ܩܪܢܐ ܬܩܪܐ ܩܠܐ ܕܠܐ ܦܪܝܫ ܡܢܘ ܢܬܛܝܒ ܠܩܪܒܐ
9 Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.
ܗܟܢܐ ܐܦ ܐܢܬܘܢ ܐܢ ܬܐܡܪܘܢ ܡܠܬܐ ܒܠܫܢܐ ܘܠܐ ܬܗܘܐ ܡܦܫܩܐ ܐܝܟܢܐ ܡܬܝܕܥ ܡܕܡ ܕܐܡܪܝܢ ܐܢܬܘܢ ܗܘܝܬܘܢ ܠܟܘܢ ܐܝܟ ܗܘ ܕܥܡ ܐܐܪ ܡܡܠܠܝܢ ܐܢܬܘܢ
10 Mebu be gbe vovovo geɖewo le xexea me, eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo,
ܗܐ ܓܝܪ ܓܢܤܐ ܕܠܫܢܐ ܤܓܝܐܐ ܐܝܬ ܒܥܠܡܐ ܘܠܝܬ ܚܕ ܡܢܗܘܢ ܕܠܐ ܩܠܐ
11 ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ.
ܘܐܢ ܠܐ ܝܕܥ ܐܢܐ ܚܝܠܗ ܕܩܠܐ ܗܘܐ ܐܢܐ ܠܝ ܒܪܒܪܝܐ ܠܗܘ ܕܡܡܠܠ ܘܐܦ ܗܘ ܕܡܡܠܠ ܗܘܐ ܠܗ ܠܝ ܒܪܒܪܝܐ
12 Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye tutuɖedzi na hame blibo la.
ܗܟܢܐ ܐܦ ܐܢܬܘܢ ܡܛܠ ܕܛܢܢܐ ܐܢܬܘܢ ܕܡܘܗܒܬܐ ܕܪܘܚܐ ܠܒܢܝܢܐ ܕܥܕܬܐ ܒܥܘ ܕܬܬܝܬܪܘܢ
13 Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe.
ܘܗܘ ܕܡܡܠܠ ܒܠܫܢܐ ܢܨܠܐ ܕܢܦܫܩ
14 Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o.
ܐܢ ܗܘ ܓܝܪ ܕܗܘܝܬ ܡܨܠܐ ܒܠܫܢܐ ܪܘܚܝ ܗܘ ܡܨܠܝܐ ܡܕܥܝ ܕܝܢ ܕܠܐ ܦܐܪܝܢ ܗܘ
15 Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme,
ܡܢܐ ܗܟܝܠ ܐܥܒܕ ܐܨܠܐ ܒܪܘܚܝ ܘܐܨܠܐ ܐܦ ܒܡܕܥܝ ܘܐܙܡܪ ܒܪܘܚܝ ܘܐܙܡܪ ܐܦ ܒܡܕܥܝ
16 elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o?
ܘܐܢ ܠܐ ܐܢ ܡܒܪܟ ܐܢܬ ܒܪܘܚ ܗܘ ܕܡܡܠܐ ܕܘܟܬܗ ܕܗܕܝܘܛܐ ܐܝܟܢܐ ܢܐܡܪ ܐܡܝܢ ܥܠ ܬܘܕܝܬܟ ܕܝܠܟ ܡܛܠ ܕܡܢܐ ܐܡܪ ܐܢܬ ܠܐ ܝܕܥ
17 Àte ŋu anɔ akpe dam vevie, gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o.
ܐܢܬ ܓܝܪ ܫܦܝܪ ܡܒܪܟ ܐܢܬ ܐܠܐ ܚܒܪܟ ܠܐ ܡܬܒܢܐ
18 Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe.
ܡܘܕܐ ܐܢܐ ܠܐܠܗܐ ܕܝܬܝܪ ܡܢ ܟܠܟܘܢ ܡܡܠܠ ܐܢܐ ܒܠܫܢܐ
19 Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.”
ܐܠܐ ܒܥܕܬܐ ܨܒܐ ܐܢܐ ܕܚܡܫ ܡܠܝܢ ܒܡܕܥܝ ܐܡܠܠ ܕܐܦ ܐܚܪܢܐ ܐܠܦ ܝܬܝܪ ܡܢ ܪܒܘ ܡܠܝܢ ܒܠܫܢܐ
20 Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me.
ܐܚܝ ܠܐ ܗܘܝܬܘܢ ܛܠܝܢ ܒܪܥܝܢܝܟܘܢ ܐܠܐ ܠܒܝܫܬܐ ܗܘܘ ܝܠܘܕܐ ܘܒܪܥܝܢܝܟܘܢ ܗܘܘ ܓܡܝܪܝܢ
21 Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, “Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo kple ame bubuwo ƒe nuyiwo aƒo nu kple dukɔ sia, ke le ɣe ma ɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo tom o, Aƒetɔ la gblɔe.”
ܒܢܡܘܤܐ ܟܬܝܒ ܕܒܡܡܠܠܐ ܢܘܟܪܝܐ ܘܒܠܫܢܐ ܐܚܪܢܐ ܐܡܠܠ ܥܡܗ ܥܡ ܥܡܐ ܗܢܐ ܐܦܠܐ ܗܟܢܐ ܢܫܡܥܘܢܢܝ ܐܡܪ ܡܪܝܐ
22 Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o.
ܡܕܝܢ ܠܫܢܐ ܠܐܬܐ ܗܘ ܤܝܡܝܢ ܠܐ ܠܡܗܝܡܢܐ ܐܠܐ ܠܐܝܠܝܢ ܕܠܐ ܡܗܝܡܢܝܢ ܢܒܝܘܬܐ ܕܝܢ ܠܐ ܗܘܐ ܠܐܝܠܝܢ ܕܠܐ ܡܗܝܡܢܝܢ ܐܠܐ ܠܐܝܠܝܢ ܕܡܗܝܡܢܝܢ
23 Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe.
ܐܢ ܗܘ ܗܟܝܠ ܕܬܬܟܢܫ ܟܠܗ ܥܕܬܐ ܘܟܠܗܘܢ ܒܠܫܢܐ ܢܡܠܠܘܢ ܘܢܥܠܘܢ ܗܕܝܘܛܐ ܐܘ ܐܝܠܝܢ ܕܠܐ ܡܗܝܡܢܝܢ ܠܐ ܐܡܪܝܢ ܕܗܠܝܢ ܫܢܘ ܠܗܘܢ
24 Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi.
ܘܐܢ ܟܠܟܘܢ ܬܗܘܘܢ ܡܬܢܒܝܢ ܘܢܥܘܠ ܠܘܬܟܘܢ ܗܕܝܘܛܐ ܐܘ ܡܢ ܕܠܐ ܡܗܝܡܢ ܡܬܒܨܐ ܡܢ ܟܠܟܘܢ ܘܡܬܟܘܢ ܡܢ ܟܠܟܘܢ
25 Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma.
ܘܟܤܝܬܐ ܕܠܒܗ ܡܬܓܠܝܢ ܘܗܝܕܝܢ ܢܦܠ ܥܠ ܐܦܘܗܝ ܘܢܤܓܘܕ ܠܐܠܗܐ ܘܢܐܡܪ ܫܪܝܪܐܝܬ ܐܠܗܐ ܐܝܬ ܒܟܘܢ
26 Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.
ܐܡܪ ܐܢܐ ܗܟܝܠ ܐܚܝ ܕܐܡܬܝ ܕܡܬܟܢܫܝܢ ܐܢܬܘܢ ܠܐܝܢܐ ܡܢܟܘܢ ܕܐܝܬ ܠܗ ܡܙܡܘܪܐ ܢܐܡܪ ܘܐܝܢܐ ܕܐܝܬ ܠܗ ܝܘܠܦܢܐ ܘܐܝܢܐ ܕܐܝܬ ܠܗ ܓܠܝܢܐ ܘܐܝܢܐ ܕܐܝܬ ܠܗ ܠܫܢܐ ܘܐܝܢܐ ܕܐܝܬ ܠܗ ܦܘܫܩܐ ܟܠܗܝܢ ܠܒܢܝܢܐ ܢܗܘܝܢ
27 Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme.
ܘܐܢ ܒܠܫܢܐ ܐܢܫ ܢܡܠܠ ܬܪܝܢ ܢܡܠܠܘܢ ܘܟܕ ܤܓܝ ܬܠܬܐ ܘܚܕ ܚܕ ܢܡܠܠܘܢ ܘܚܕ ܢܦܫܩ
28 Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu le ha la me o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me, ke menye woaƒo nu sesĩe na ameha la o.
ܘܐܢ ܠܝܬ ܕܡܦܫܩ ܢܫܬܘܩ ܠܗ ܒܥܕܬܐ ܗܘ ܕܡܡܠܠ ܒܠܫܢܐ ܘܒܝܢܘܗܝ ܠܢܦܫܗ ܘܠܐܠܗܐ ܢܡܠܠ
29 Ale Nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ naƒo nu eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie.
ܢܒܝܐ ܕܝܢ ܬܪܝܢ ܐܘ ܬܠܬܐ ܢܡܠܠܘܢ ܘܫܪܟܐ ܢܦܪܫܘܢ
30 Ke nenye be ɖeɖefia aɖe va na ame siwo nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe, ana mɔ nɔvia.
ܘܐܢ ܠܐܚܪܢܐ ܢܬܓܠܐ ܟܕ ܝܬܒ ܩܕܡܝܐ ܢܫܬܘܩ ܠܗ
31 Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu.
ܡܫܟܚܝܢ ܐܢܬܘܢ ܓܝܪ ܟܠܟܘܢ ܕܚܕ ܚܕ ܬܬܢܒܘܢ ܕܟܠܢܫ ܢܐܠܦ ܘܟܠܢܫ ܢܬܒܝܐ
32 Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu.
ܪܘܚܐ ܓܝܪ ܕܢܒܝܐ ܠܢܒܝܐ ܡܫܬܥܒܕܐ
33 Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene.
ܡܛܠ ܕܐܠܗܐ ܠܐ ܗܘܐ ܕܫܓܘܫܝܐ ܐܠܐ ܕܫܠܡܐ ܐܝܟ ܕܒܟܠܗܝܢ ܥܕܬܐ ܕܩܕܝܫܐ
34 Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene.
ܢܫܝܟܘܢ ܒܥܕܬܐ ܢܗܘܝܢ ܫܬܝܩܢ ܠܐ ܓܝܪ ܡܦܤ ܠܗܝܢ ܕܢܡܠܠܢ ܐܠܐ ܕܢܫܬܥܒܕܢ ܐܝܟܢܐ ܕܐܦ ܢܡܘܤܐ ܐܡܪ
35 Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.
ܘܐܢ ܡܕܡ ܨܒܝܢ ܕܢܐܠܦܢ ܒܒܬܝܗܝܢ ܢܫܐܠܢ ܠܒܥܠܝܗܝܢ ܒܗܬܬܐ ܗܝ ܓܝܪ ܕܢܫܐ ܒܥܕܬܐ ܢܡܠܠܢ
36 Mia gbɔe Mawu ƒe nya dze egɔme tsoa? Alo miawo gbɔ koe wòɖoa?
ܐܘ ܕܠܡܐ ܡܢܟܘܢ ܗܘ ܢܦܩܬ ܡܠܬܗ ܕܐܠܗܐ ܐܘ ܠܘܬܟܘܢ ܗܘ ܒܠܚܘܕ ܡܛܬ
37 Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ.
ܐܢ ܐܢܫ ܕܝܢ ܡܢܟܘܢ ܤܒܪ ܕܢܒܝܐ ܗܘ ܐܘ ܕܪܘܚܐ ܗܘ ܢܕܥ ܗܠܝܢ ܕܟܬܒ ܐܢܐ ܠܟܘܢ ܕܦܘܩܕܢܐ ܐܢܘܢ ܕܡܪܢ
38 Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me.
ܐܢ ܐܢܫ ܕܝܢ ܠܐ ܝܕܥ ܠܐ ܢܕܥ
39 Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o.
ܛܢܘ ܗܟܝܠ ܐܚܝ ܠܡܬܢܒܝܘ ܘܠܡܡܠܠܘ ܒܠܫܢܐ ܠܐ ܬܟܠܘܢ
40 Ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ nu.
ܟܠܡܕܡ ܕܝܢ ܒܐܤܟܡܐ ܘܒܛܟܤܐ ܢܗܘܐ

< Korintotɔwo 1 14 >