< Korintotɔwo 1 10 >

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.
兄弟よ、我なんぢらが之を知らぬを好まず。即ち我らの先祖はみな雲の下にあり、みな海をとほり、
2 Nuwɔna sia zu mawutsideta na wo kple Mose ɖe Ƒu la me.
みな雲と海とにてバプテスマを受けてモーセにつけり。
3 Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,
而して皆おなじく靈なる食物を食し、
4 eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke, elabena wonoe tso gbɔgbɔmekpe gbadza si zɔ kpli wo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo.
みな同じく靈なる飮物を飮めり。これ彼らに隨ひし靈なる岩より飮みたるなり、その岩は即ちキリストなりき。
5 Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi.
然れど彼らのうち多くは神の御意に適はず、荒野にて亡されたり。
6 Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o.
此 等のことは我らの鑑にして、彼らが貪りし如く惡を貪らざらん爲なり。
7 Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.”
彼らの中の或 者に效ひて偶像を拜する者となるな、即ち『民は坐して飮食し立ちて戯る』と録されたり。
8 Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi.
又かれらの中の或 者に效ひて我ら姦淫すべからず、姦淫を行ひしもの一日に二萬 三 千 人 死にたり。
9 Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o.
また彼 等のうちの或 者に效ひて我ら主を試むべからず、主を試みしもの蛇に亡されたり、
10 Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã.
又かれらの中の或 者に效ひて呟くな、呟きしもの亡す者に亡されたり。
11 Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe. (aiōn g165)
彼らが遭へる此 等のことは鑑となれり、かつ末の世に遭へる我らの訓戒のために録されたり。 (aiōn g165)
12 Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o.
さらば自ら立てりと思ふ者は倒れぬやうに心せよ。
13 Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
汝らが遭ひし試煉は人の常ならぬはなし。神は眞實なれば、汝らを耐へ忍ぶこと能はぬほどの試煉に遭はせ給はず。汝らが試煉を耐へ忍ぶことを得んために之と共に遁るべき道を備へ給はん。
14 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ.
さらば我が愛する者よ、偶像を拜することを避けよ。
15 Menya be nunyalawo mienye eya ta mibu nya si gblɔ ge mala na mi ŋuti kpɔ.
され慧き者に言ふごとく言はん、我が言ふところを判斷せよ。
16 Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa?
我らが祝ふところの祝の酒杯は、これキリストの血に與るにあらずや。我らが擘く所のパンは、これキリストの體に與るにあらずや。
17 Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe.
パンは一つなれば、多くの我らも一體なり、皆ともに一つのパンに與るに因る。
18 Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka.
肉によるイスラエルを視よ、供物を食ふ者は祭壇に與るにあらずや。
19 Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o.
さらば我が言ふところは何ぞ、偶像の供物はあるものと言ふか、また、偶像はあるものと言ふか。
20 Nu si gblɔm mele boŋ lae nye be ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm, menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o.
否、我は言ふ、異邦人の供ふる物は神に供ふるにあらず、惡鬼に供ふるなりと。我なんぢらが惡鬼と交るを欲せず。
21 Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.
なんぢら主の酒杯と惡鬼の酒杯とを兼ね飮むこと能はず。主の食卓と惡鬼の食卓とに兼ね與ること能はず。
22 Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?
われら主の妬を惹起さんとするか、我らは主よりも強き者ならんや。
23 Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o.
一切のもの可からざるなし、然れど一切のもの益あるにあらず、一切のもの可からざるなし、されど、一切のもの徳を建つるにあらず。
24 Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me.
各人おのが益を求むることなく、人の益を求めよ。
25 Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya.
すべて市場にて賣る物は、良心のために何をも問はずして食せよ。
26 Minyae be xexea me katã kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋu dɔ le dzidzɔ me.
そは地と之に滿つる物とは主の物なればなり。
27 Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o.
もし不 信者に招かれて往かんとせば、凡て汝らの前に置く物を、良心のために何をも問はずして食せよ。
28 Gake ne miebe yewoaɖu nua ko, ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖu la sa vɔ na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖu la ŋuti ta.
人もし此は犧牲にせし肉なりと言はば、告げし者のため、また良心のために食すな。
29 Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu la ŋuti ŋu vevie. Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti?
良心とは汝の良心にあらず、かの人の良心を言ふなり。何ぞわが自由を他の人の良心によりて審かるる事をせん。
30 Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be mana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me, elabena eya bu be meda vo?
もし感謝して食する事をせば、何ぞわが感謝する所のものに就きて譏らるる事をせん。
31 Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.
さらば食ふにも飮むにも何事をなすにも、凡て神の榮光を顯すやうにせよ。
32 Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Grikitɔwo alo Mawu ƒe hame la o.
ユダヤ人にもギリシヤ人にも、また、神の教會にも躓物となるな。
33 Nu si nye ya mewɔna lae nye be medzea agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malé nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo.
我も凡ての事を凡ての人の心に適ふやうに力め、人々の救はれんために、己の益を求めずして多くの人の益を求むるなり。

< Korintotɔwo 1 10 >