< Kronika 1 9 >
1 Wode Israelvi ɖe sia ɖe ƒe ƒome Israel fiawo ƒe agbalẽ me pɛpɛpɛ. Woɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.
So all Israel was recorded in the genealogies written in the Book of the Kings of Israel. But Judah was exiled to Babylon because of their unfaithfulness.
2 Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
Now the first to resettle their own property in their cities were Israelites, priests, Levites, and temple servants.
3 Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem.
These were some of the descendants of Judah, Benjamin, Ephraim, and Manasseh who lived in Jerusalem:
4 Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.
Uthai son of Ammihud, the son of Omri, the son of Imri, the son of Bani, a descendant of Perez son of Judah.
5 Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye: Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade
From the Shilonites: Asaiah the firstborn and his sons.
6 kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ. Wo katã wode ame alafa ade blaasieke.
From the Zerahites: Jeuel and 690 relatives.
7 Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye: Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi,
From the Benjamites: Sallu son of Meshullam, the son of Hodaviah, the son of Hassenuah;
8 Ibnea, Yeroham ƒe vi; kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi; kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya.
Ibneiah son of Jeroham; Elah son of Uzzi, the son of Michri; Meshullam son of Shephatiah, the son of Reuel, the son of Ibnijah;
9 Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade.
and 956 of their relatives according to their genealogy. All these men were heads of their families.
10 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la woe nye: Yedaia, Yehoyarib, Yakin,
From the priests: Jedaiah, Jehoiarib, and Jachin;
11 Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.
Azariah son of Hilkiah, the son of Meshullam, the son of Zadok, the son of Meraioth, the son of Ahitub, the chief official of God’s temple;
12 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi. Nunɔla bubuwoe nye: Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi.
Adaiah son of Jeroham, the son of Pashhur, the son of Malchijah; Maasai son of Adiel, the son of Jahzerah, the son of Meshullam, the son of Meshillemith, the son of Immer;
13 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade. Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me.
and 1,760 of their relatives, the heads of their families, able men for the work of the service of the house of God.
14 Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye: Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me.
From the Levites: Shemaiah son of Hasshub, the son of Azrikam, the son of Hashabiah, a descendant of Merari;
15 Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye: Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi;
Bakbakkar, Heresh, Galal, and Mattaniah son of Mica, the son of Zichri, the son of Asaph;
16 kple Obadia, Semaya ƒe vi, Galal ƒe vi kple Berekia, Asa ƒe vi, ame si nye Elkana ƒe vi, ame si nɔ Netofatitɔwo ƒe anyigba dzi.
Obadiah son of Shemaiah, the son of Galal, the son of Jeduthun; and Berechiah son of Asa, the son of Elkanah, who lived in the villages of the Netophathites.
17 Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ.
These were the gatekeepers: Shallum, Akkub, Talmon, Ahiman, and their relatives. Shallum was their chief;
18 Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.
he was previously stationed at the King’s Gate on the east side. These were the gatekeepers from the camp of the Levites.
19 Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene.
Shallum son of Kore, the son of Ebiasaph, the son of Korah, and his relatives from the Korahites were assigned to guard the thresholds of the Tent, just as their fathers had been assigned to guard the entrance to the dwelling of the LORD.
20 Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii.
In earlier times Phinehas son of Eleazar had been in charge of the gatekeepers, and the LORD was with him.
21 Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu.
Zechariah son of Meshelemiah was the gatekeeper at the entrance to the Tent of Meeting.
22 Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve. Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu. David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo.
The number of those chosen to be gatekeepers at the thresholds was 212. They were registered by genealogy in their villages. David and Samuel the seer had appointed them to their positions of trust.
23 Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ.
So they and their descendants were assigned to guard the gates of the house of the LORD—the house called the Tent.
24 Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.
The gatekeepers were stationed on the four sides: east, west, north, and south.
25 Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre.
Their relatives came from their villages at fixed times to serve with them for seven-day periods.
26 Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo.
But the four chief gatekeepers, who were Levites, were entrusted with the rooms and the treasuries of the house of God.
27 Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi.
They would spend the night stationed around the house of God, because they were responsible for guarding it and opening it every morning.
28 Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe.
Some of them were in charge of the articles used in worship, to count them whenever they were brought in or taken out.
29 Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi.
Others were put in charge of the furnishings and other articles of the sanctuary, as well as the fine flour, wine, oil, frankincense, and spices.
30 Ke atikeʋeʋĩawo tɔtɔ nye nunɔla aɖewo ƒe dɔ.
And some of the sons of the priests mixed the spices.
31 Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na.
A Levite named Mattithiah, the firstborn son of Shallum the Korahite, was entrusted with baking the bread.
32 Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.
Some of their Kohathite brothers were responsible for preparing the rows of the showbread every Sabbath.
33 Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.
Those who were musicians, the heads of Levite families, stayed in the temple chambers and were exempt from other duties because they were on duty day and night.
34 Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem.
All these were heads of Levite families, chiefs according to their genealogies, and they lived in Jerusalem.
35 Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka.
Jeiel the father of Gibeon lived in Gibeon. His wife’s name was Maacah.
36 Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab,
Abdon was his firstborn son, then Zur, Kish, Baal, Ner, Nadab,
37 Gedor, Ahio, Zekaria kple Miklot.
Gedor, Ahio, Zechariah, and Mikloth.
38 Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu.
Mikloth was the father of Shimeam. They too lived alongside their relatives in Jerusalem.
39 Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
Ner was the father of Kish, Kish was the father of Saul, and Saul was the father of Jonathan, Malchishua, Abinadab, and Esh-baal.
40 Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika.
The son of Jonathan: Merib-baal, who was the father of Micah.
41 Mika ƒe viwoe nye: Pitɔn, Melek, Tahrea kple Ahaz.
The sons of Micah: Pithon, Melech, Tahrea, and Ahaz.
42 Ahaz dzi Yada, ame si dzi Alemet, Azmavet kple Zimri; ame si nye Moza fofo.
Ahaz was the father of Jarah; Jarah was the father of Alemeth, Azmaveth, and Zimri; and Zimri was the father of Moza.
43 Moza dzi Binea, Refaya, Eleasa kple Azel.
Moza was the father of Binea. Rephaiah was his son, Elasah his son, and Azel his son.
44 Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.
And Azel had six sons, and these were their names: Azrikam, Bocheru, Ishmael, Sheariah, Obadiah, and Hanan. These were the sons of Azel.